Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 5:6 - Agbenya La

6 Dzi nedzɔ mi, mi ame siwo wum dzɔdzɔenyenye ƒe dɔ kple tsikɔ le la, elabena miawoe aɖi ƒo.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Woayra amesiwo dzɔdzɔenyenye ƒe dɔ kple tsikɔ le wo wum ta; elabena woawoe aɖi ƒo.

Gade chapit la Kopi




Mateo 5:6
29 Referans Kwoze  

Le nyateƒe me la, tsi si manae la azu agbetsi, anɔ sisim le eme si ahe agbe mavɔ vɛ.”


Elabena etsɔa nu nyuiwo ɖia ƒoe na ame siwo dɔ kple tsikɔ le wuwum.


Migawɔ dɔ ɖe nuɖuɖu si gblẽna la ta o, ke boŋ ɖe nuɖuɖu si kplɔa ame yina ɖe agbe mavɔ me si Nye, Amegbetɔ Vi la mana mi la ta. Eya dzie Mawu Fofo la da asi ɖo.”


Ewɔa ame siwo vɔ̃nɛ la ƒe dzimedidiwo na wo, esea woƒe ɣlidodo, eye wòɖea wo.


Le Agbadɔmeŋkekenyui la ƒe ŋkeke mamlɛtɔ kple gãtɔ dzi la, Yesu nɔ tsitre, eye wòdo ɣli sesĩe gblɔ na ameha la be, “Ne tsikɔ le mia dometɔ aɖe wum la, neva gbɔnye wòano tsi.


‘Dɔ magawu wo akpɔ gbeɖe o. Tsikɔ hã magawu wo akpɔ gbeɖe o. Ɣe magaɖu wo o.’ Alo ŋdɔkutsu nagaɖu wo o,


Dzidzɔ gã ŋutɔ le mi ame siwo wum dɔ le la lalam, elabena miawoe aɖi ƒo. Dzidzɔ gã ŋutɔ le mi ame siwo le avi fam fifia la lalam, elabena ɣeyiɣi gbɔna esi miava ko nu.


elabena makɔ tsi ɖe kuɖiɖinyigba dzi kple tɔʋuwo ɖe anyigba ƒuƒu dzi. Makɔ nye gbɔgbɔ ɖe viwòwo dzi kple nye yayra ɖe wò dzidzimeviwo dzi.


Etsɔ nu nyuiwo ɖi ƒo na dɔwuitɔwo, ke edo mɔ kesinɔtɔwo asigbɔloe.


Eya ta ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: “Nye dɔlawo aɖu nu, ke miawo la dɔ awu mi. Nye dɔlawo ano nu; miawo la, tsikɔ awu mi. Nye dɔlawo akpɔ dzidzɔ, ke miawo la woado ŋukpe mi.


Woayra ame siwo nètia, eye nèkplɔ wo vɛ be woanɔ wò xɔxɔnuwo! Ètsɔ wò aƒe me, wò gbedoxɔ kɔkɔe la me nu nyuiwo ɖi ƒoe na mí.


Le to sia dzi, Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, atsɔ nuɖuɖu damiwo aɖo kplɔ̃e na dukɔwo katã. Wain tsitsitɔ anɔ afi ma. Lã damitɔ akpe ɖe eŋu, eye wain nyuitɔ abɔ ɖe eŋu.


Yehowa, wò xɔxɔnuwo le nye luʋɔ dzrom kutɔkutɔe. Nye dzi kple ŋutilã le vivi dom ɖe Mawu gbagbe la ŋu.


Babaa na mi ame siwo ƒe ƒodo yɔ, elabena dɔwuame sesẽ aɖe le ŋgɔ na wo gbɔna.


“Ame dahewo kple hiãtɔwo le tsatsam le tsi dim, ke womekpɔ ɖeke o. Woƒe aɖewo dzi ƒu kplakplakpla le tsikɔwuame ta. Ke nye Yehowa, matɔ na wo; nye Israel ƒe Mawu la nyemagble wo ɖi o.


Nye luʋɔ aɖi ƒo abe nuɖuɖu nyuitɔ kekeakee wòɖu ene; hadzidzi anɔ nu nam, eye nye nu adzi kafukafuhawo na wò.


Ke nye la, makpɔ wò ŋkume le dzɔdzɔenyenye me, eye ne menyɔ hekpɔ wò nɔnɔme ko la, maɖi ƒo.


Meva nye abɔ me, nɔvinye nyɔnu, nye ŋugbetɔ; megbe nye lifi kple nu ʋeʋĩwo. Meɖu nye anyito, heno nye anyitsi; meno nye wain kple nye notsi. Miɖu nu, eye miano nu, O xɔlɔ̃wo, miɖu nu miaɖi ƒo, O lɔlɔ̃tɔwo.


elabena miano eƒe akɔfafa ƒe no, eye miaɖi kɔ. Mianoe fũu, eye ale si notsi la le dodom bababa la, ana miaƒe dziwo nadze eme.”


Nu si vɔ̃m ame vɔ̃ɖi le lae ava tui, ke nu si dim dzɔdzɔetɔ le la, eyae woanae.


Ame si tia dzɔdzɔenyenye kple lɔlɔ̃ la, tia agbe, dzidzedze kple bubu.


Mana ame siwo gbɔdzɔ la nagbɔ ɖe me eye ame siwo nu ti kɔ na la naɖi ƒo.”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite