Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 5:45 - Agbenya La

45 be mianye mia Fofo si le dziƒo la ƒe viwo, ame si naa eƒe ɣe dzena na ame vɔ̃ɖiwo kple ame nyuiwo, eye wòdɔa tsi be wòadza ɖe ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa dzi.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

45 bena ne miazu mia Fofo, si le dziƒo la, ƒe viwo; elabena eyae nana eƒe ɣe dzena na ame vɔ̃ɖiwo kple ame nyuiwo, eye wònana tsi dzana na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo.

Gade chapit la Kopi




Mateo 5:45
10 Referans Kwoze  

Yehowa nyoa dɔ me na ame sia ame, eye wòkpɔa nublanui na ame siwo katã wòwɔ.


“Milɔ̃ miaƒe ketɔwo, eye miwɔ dɔmenyo na wo. Mido nu na wo, eye migakpɔ mɔ na exɔxɔ o. Ne miewɔ esia la, ekema miaƒe fetu asɔ gbɔ le dziƒo, eye mianye Dziƒoʋĩtɔ la ƒe viwo elabena eya ŋutɔ nyoa dɔme na akpemadalawo kple tagbɔ sesẽ tɔwo hã.


Ke hã la, medzudzɔ ɖaseɖiɖi tso eɖokui ŋuti o, elabena ewɔa nu nyuiwo na mí; enaa tsidzadza mí tso dziƒo kple nuƒãɣiwo kpakple nuŋeɣiwo, eye wòna nuɖuɖu geɖe mí hetsɔ dzidzɔ yɔ míaƒe dziwo me fũu.”


Ɖe woate ŋu axlẽ eƒe aʋakɔwoa? Ame ka tame eƒe kekeli meklẽ ɖo o?


Eya ta mizu mawusrɔ̃lawo abe vi lɔlɔ̃wo ene,


Dzi nedzɔ mi, mi ame siwo léa avu la, elabena miawoe woayɔ be Mawu ƒe viwo.


To esia wɔwɔ me la, amewo katã anya be nye nusrɔ̃lawo mienye, ne mielɔ̃ mia nɔewo.”


Ame si wodzi le Mawu me la meganɔa nu vɔ̃ wɔwɔ dzi o, elabena Mawu ƒe kutsetse le eme. Mate ŋu awɔ nu vɔ̃ o, elabena wodzii tso Mawu me.


Womegblɔna na wo nɔewo be, ‘Mina míavɔ̃ Yehowa, míaƒe Mawu la, ame si naa adametsi kple kelemetsi dzana na mí le edzaɣi eye wòkana ɖe nuŋeɣi ƒe kɔsiɖawo dzi na mí’ la o.


ale be miazu mokakamanɔŋutɔwo kple ame dzadzɛwo. Minɔ agbe si ŋu fɔɖiɖi mele o, abe Mawu ƒe vi siwo le xexe si me do viviti tsiɖitsiɖi heyɔ fũu kple ame mawɔnuteƒewo kple kɔlialiatɔwo la ene. Miklẽ le wo dome abe ɣletiviwo ene,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite