Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 5:39 - Agbenya La

39 Ke nye ya mele egblɔm na mi be, migaɖo vɔ̃, teƒe na vɔ̃ o! Nenye be ame aɖe ƒo ɖusitome na wò la, trɔ tome evelia hã nɛ be wòaƒo.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

39 ke nye la mele egblɔm na mi bena: Migatsi tre ɖe ame vɔ̃ɖi la ŋuti o; ke boŋ amesi ke ƒo wò nuɖusi tome la, nyẽ ekeme hã nɛ;

Gade chapit la Kopi




Mateo 5:39
24 Referans Kwoze  

Mikpɔ egbɔ be ame aɖeke metsɔ vɔ̃ ɖo vɔ̃ teƒe o, ke boŋ midze agbagba be ɣe sia ɣi la, mianyo dɔ me na mia nɔewo kple ame bubu ɖe sia ɖe.


Migatsɔ vɔ̃ ɖo vɔ̃ teƒe alo dzu ɖo dzu teƒe o, ke boŋ miɖo teƒe na wo kple yayra, elabena esia ta woyɔ mi vɛ ɖo be mianyi yayra ƒe dome.


Mègagblɔ be, “Maɖo vɔ̃ si nèwɔ ɖe ŋunye la teƒe na wò” o! Kpɔ Yehowa ƒe asinu ekema aɖe wò.


Neɖo to me anyi na ame si le eƒo ge eye ŋukpe neyɔe fũu.


“ ‘Mègabia hlɔ̃ o. Mègalé nya ɖe dɔ me o, ke boŋ lɔ̃ nɔviwò abe ɖokuiwò ene, elabena nyee nye Yehowa.


Mègagblɔ be, “Mele ewɔ ge nɛ abe ale si wòwɔe ɖe ŋutinye ene, mele eteƒe ɖo ge na ŋutsu sia ɖe nu si wòwɔ la ta” o.


Metrɔ nye dzime na ame siwo ƒom, metrɔ nye tome na ame siwo nyɔa ge nam la. Nyemeɣla nye mo ɖe fewuɖulawo kple ame siwo nyɔa ta ɖe mo nam o.


Ale si mietsɔ nya ɖe mia nɔewo ŋu le ʋɔnu ɖeɖe dzaa fia be woɖu mia dzi xoxo. Nu ka wɔ miaɖe mɔ be woada vo ɖe mia ŋu boŋ o? Nu ka ta miaɖe mɔ be woaba mi boŋ o?


Miebu fɔ amewo, eye miewu ame maɖifɔ siwo metsi tsitre ɖe mia ŋu o la.


Amewo ke woƒe nuwo baa hedo ɣli ɖe tanye. Woƒo tome nam fewuɖutɔe eye wowɔ ɖeka ɖe ŋunye.


Le miaƒe ʋiʋli le nu vɔ̃ si me la, mieʋli va se ɖe esime miaƒe ʋu kɔ ɖi haɖe o.


Wotsyɔ̃ nu mo nɛ, eye wobia tso esi be, “Gblɔ nya ɖi! Ame kae ƒo wò.”


Tete Zedekiya, Kenana ƒe vi, gogo Mikaya eye wòƒo tome nɛ hebiae be, “Ɣe ka ɣie Yehowa ƒe Gbɔgbɔ dzo le gbɔnye eye wòƒo nu na wò?”


O aʋawɔlawo ƒe du. Ƒo wò aʋawɔlawo nu ƒu elabena futɔwo ɖe to ɖe mí. Woatsɔ ati aƒo tome na Israel ƒe dziɖula.


Ne ame aɖe akplɔ wò ayi ʋɔnui, be yeaxɔ wò awutewui la, na wòaxɔ wò dziwui hã kpe ɖe eŋu.


Esi wònye Dzudzɔgbe ŋkeke dzie ta la, agbalẽfialawo kple Farisitɔwo ɖe ŋku ɖe edzi gãa henɔ ekpɔm be ada gbe le amea ŋu le ŋkekea dzi hã. Wonɔ ŋku lém ɖe eŋu elabena wodi be wòawɔ vodada aɖe be yewoatsɔ nya ɖe eŋu.


Yesu gblɔ nɛ be, “Ne megblɔ nya vɔ̃ aɖe la, ekema tɔ asi nya vɔ̃ si megblɔ la dzi. Gake ne nyateƒe gblɔm mele la, nu ka ta nèƒom ɖo?”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite