Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 5:23 - Agbenya La

23 “Ne èle gbedoxɔ me le vɔsamlekpui ŋgɔ le vɔ sam na Mawu, eye nèɖo ŋku edzi be dzre aɖe le mi kple nɔviwò aɖe dome la,

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 Eyaŋuti ne etsɔ wò nunana va da ɖe vɔsamlekpuia dzi, eye nèɖo ŋui le afima bena, nyaa ɖe le nɔviwò ƒe dzi me ɖe ŋutiwò la,

Gade chapit la Kopi




Mateo 5:23
17 Referans Kwoze  

Gake ne miebe yewoado gbe ɖa la, mitsɔ ame siwo ƒe nyawo le dɔ me na mi la ke wo gbã be mia Fofo si le dziƒo hã natsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ake mi. [


gblẽ wò vɔsanu la ɖe vɔsamlekpui la ŋgɔ ne nàyi aɖe kuku na nɔviwò sia, eye nàdzra mi kplii dome ɖo hafi nàva sa vɔ na Mawu.


Yesu yi edzi gblɔ nɛ be, “Kpɔ egbɔ be mègblɔ nu sia na ame aɖeke o, ke boŋ yi nàtsɔ ɖokuiwò afia nunɔla la, eye nàna vɔsanu siwo Mose ɖo ɖi na ameŋukɔkɔ abe ɖaseɖiɖi na wo ene.”


Mi ŋkuagbãtɔwo! Kae le vevie wu, nunana si le vɔsamlekpui la dzi loo alo vɔsamlekpui la ŋutɔ si nana be nunana ŋuti kɔnaa?


Le aƒea me la, Zaxeo gblɔ na Yesu be, “Aƒetɔ tso azɔ la, matsɔ nye kesinɔnuwo ƒe afã na ame dahewo, eye ne mexɔ ga le ame aɖe si wu ale si wòle be maxɔ la, maɖo eteƒe nɛ zi gbɔ zi ene sɔŋ!”


elabena nublanuikpɔkpɔ dim mele, menye vɔsa o, eye sidzedze Mawu dim mele wu numevɔsawo,


Samuel ɖo eŋu be, “Ɖe wò numevɔsawo kple vɔsawo dzea Yehowa ŋu wu toɖoɖo Yehowa ƒe gbea? Toɖoɖo nyo wu vɔsa eye nusese nyo wu agbowo ƒe ami.


Meɖo ŋku wo katã dzi nyuie eye nye luʋɔ bɔbɔ eɖokui le menye.


“Nya kae le asiwò le nu vɔ̃ɖi siwo katã nèwɔ ɖe fofonye, Fia David, ŋu la ta? Yehowa nabia hlɔ̃ wò


Ekema ne metsɔ nu vɔ̃ siwo katã nèwɔ ke wò la, àɖo ŋku edzi, eye ŋu akpe wò, màgake nu azɔ o le wò ŋukpe ta.’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe.”


Tete fia ƒe ahakula gblɔ na Farao be, “Egbe la, meɖo ŋku nye nu vɔ̃ dzi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite