Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 5:15 - Agbenya La

15 Ame aɖeke medraa akaɖi tsɔ dea afianu te o, ke boŋ ɖe akaɖiti dzi, be wòaklẽ na aƒea me nɔla ɖe sia ɖe.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Eye womesia akaɖi hã dana ɖe afianu te o, ke ɖe akaɖiti dzi boŋ, eye wòaklẽ na amesiwo katã le aƒea me.

Gade chapit la Kopi




Mateo 5:15
10 Referans Kwoze  

Yesu yi edzi bia nusrɔ̃lawo be, “Nenye be ame aɖe si akaɖi ɖe, ɖe wòtsɔa nu tsyɔa edzi alo danɛ ɖe abati te mahã? Alo menye akaɖiti dzie wodanɛ ɖo be wòaklẽ na amewo o mahã?


“Ame aɖeke mesia akaɖi tsɔnɛ ɣlana ɖe nu te o, ke boŋ etsɔnɛ dana ɖe akaɖiti dzi be wòaklẽ na ame siwo katã le xɔa me.


Ɣe bubu ɣi la, Yesu bia ameawo be, “Ame kae se kpɔ be ame aɖe si akaɖi, eye wòtsɔ nu tsyɔ edzi be megaklẽ o. Gbeɖe, akaɖi la, akaɖiti dzie wodanɛ ɖo be wòaklẽ be amewo nakpɔ nu.


“Ƒo nu na Aron, eye nàgblɔ nɛ be, ‘Ne ètsɔ akaɖi adreawo da ɖe akaɖiti la dzi la, ele be woaklẽ ɖe teƒe si le akaɖiti la ŋgɔ.’ ”


Le esia megbe la, wɔ akaɖi adre na akaɖiti la, eye nàna woaklẽ ɖe ŋgɔ.


Ebiam be, “Azɔ la, nu ka kpɔm nèle?” Meɖo eŋu be, “Mele sikakaɖiti si dzi wotsɔ agba da ɖo, eye akaɖi adre le agba sia tame, alɔ adre siwo me do le la to akaɖiti ɖe sia ɖe me ge ɖe agba la me.


Nenye be èkɔ le ɖokuiwò me, eye viviti aɖeke mele mewò o la, ekema wò gotagome hã aklẽ abe akaɖi keklẽ gã aɖee wosi ɖe mewò ene.”


ale be miazu mokakamanɔŋutɔwo kple ame dzadzɛwo. Minɔ agbe si ŋu fɔɖiɖi mele o, abe Mawu ƒe vi siwo le xexe si me do viviti tsiɖitsiɖi heyɔ fũu kple ame mawɔnuteƒewo kple kɔlialiatɔwo la ene. Miklẽ le wo dome abe ɣletiviwo ene,


Wotu Agbadɔ; le Agbadɔ la ƒe xɔ gbãtɔ me la, akaɖiti, kplɔ̃ kple ŋkumeɖobolo nɔ anyi, eye woyɔ teƒe sia be Kɔkɔeƒe.


Ɖo ŋku afi si nège tso la dzi! Trɔ dzi me, eye nàwɔ nu siwo nèwɔna tsã la. Ne mètrɔ dzi me o la, mava gbɔwò, eye maɖe wò akaɖiti la le enɔƒe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite