Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 5:14 - Agbenya La

14 “Miawoe nye xexea me ƒe kekeli. Womate ŋu aɣla du si le to dzi la o.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Miawoe nye xexeame ƒe kekeli Du, si le to dzi la, womate ŋu aɣlae o.

Gade chapit la Kopi




Mateo 5:14
16 Referans Kwoze  

ale be miazu mokakamanɔŋutɔwo kple ame dzadzɛwo. Minɔ agbe si ŋu fɔɖiɖi mele o, abe Mawu ƒe vi siwo le xexe si me do viviti tsiɖitsiɖi heyɔ fũu kple ame mawɔnuteƒewo kple kɔlialiatɔwo la ene. Miklẽ le wo dome abe ɣletiviwo ene,


Yesu gaƒo nu na ameawo, eye wògblɔ be, “Nyee nye xexea me ƒe Kekeli la. Ame si dze yonyeme la, mazɔ viviti me o, elabena agbe ƒe kekeli la aklẽ ɖe eƒe mɔ dzi.”


Elabena mi katã la, kekeli kple ŋkeke la ƒe viwoe mienye, eye mienye viviti kple zã tɔwo o,


Ke ame dzɔdzɔewo ƒe toƒe le abe ŋdi kanya ƒe ɣetotoe ene, eklẽna, gaklẽna ɖe edzi ne ŋu ɖe le eme nyuie.


Mixɔ kekeli la dzi se esi wòle mia gbɔ, be miazu kekeli ƒe viwo.” Esi Yesu gblɔ nya siawo vɔ la, edo go le ameawo dome ɖaɣla eɖokui.


Migawɔ ɖeka kple ame siwo melɔ̃a Aƒetɔ la o. Ƒomedodo kae le xɔsetɔwo kple dzimaxɔsetɔwo dome? Eye aleke kekeli kple viviti ate ŋu anɔ teƒe ɖekae le ɣeyiɣi ɖeka me?


Yohanes zu kekeli si klẽ na mi ɣeyiɣi aɖe, eye miekpɔ dzidzɔ le eƒe kekeli la ŋuti.


Nu ɣaɣla si le ɣletivi adre siwo nèkpɔ melé ɖe nuɖusi kple sikakaɖiti adreawo me lae nye esi: Ɣletivi adreawo nye hame adreawo ƒe mawudɔlawo, eye sikakaɖiti adreawo nye hame adreawo.


Zi ale si mele xexea me la, nyee nye xexea me ƒe kekeli la.”


Ɖo ŋku afi si nège tso la dzi! Trɔ dzi me, eye nàwɔ nu siwo nèwɔna tsã la. Ne mètrɔ dzi me o la, mava gbɔwò, eye maɖe wò akaɖiti la le enɔƒe.


“Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si, ‘Esiae nye Yerusalem si metsɔ da ɖe dukɔwo dome, eye anyigba geɖewo ƒo xlãe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite