Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 4:25 - Agbenya La

25 Ameha gã aɖe ŋutɔ dze eyome, eye afi sia afi si wòto ko la, wonɔ eyome kplikplikpli. Ame siawo tso Galilea nuto me, Yerusalem, Dekapoli kple Yudea godoo, ɖewo gɔ̃ hã tso keke Yɔdan tɔsisi la ƒe go evelia dzi ke.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

25 Eye ameha geɖewo dze eyome tso Galilea kple Dekapoli kple Yerusalem, Yudea kpakple Yordan godo.

Gade chapit la Kopi




Mateo 4:25
11 Referans Kwoze  

Esi wòɖi tso toa dzi la, nusrɔ̃lawo kple eyomenɔlawo va ƒo ƒu ɖe Yesu ŋuti le gbadzaƒe aɖe. Ameha gã aɖe hã va ɖe to ɖe wo, amewo tso Yudea nutowo me katã kple Yerusalem. Ɖewo tso keke Sidon kple Tiro ƒutaduwo me ke


Ŋutsu la dze mɔ, eye wòtsa le du ewo siwo le nutoa me la me henɔ gbeƒã ɖem nu gã siwo Yesu wɔ nɛ la na ame sia ame, eye eƒe nya la wɔ nuku na ameawo ŋutɔ.


Azɔ Yesu tso Tiro yi Sidon to Dekapoli alo Du Ewoawo me gatrɔ yi Galilea ƒua nu.


Ame geɖewo ŋutɔ nɔ didim be yewoaka asi eŋu, elabena ŋusẽ do go tso eme, eye wòda gbe le wo katã ŋu.


Le Dzudzɔgbe ŋkeke dzi la, eyi ƒuƒoƒe la ɖafia nu, eye ame geɖe siwo se eƒe nufiafia la ƒe nu ku. Wobia be, “Afi ka ame sia xɔ nu siawo tsoe? Nunya ka tɔgbi wonae be wòte ŋu le nukunu siawo wɔm!


Ameha gã aɖe kplɔe ɖo, eye wòda gbe le dɔnɔ geɖewo ŋu.


Yesu nya susu vɔ̃ si ɖom Farisitɔawo nɔ, eya ta edzo le ƒuƒoƒe la, ke ame geɖewo kplɔe ɖo hoo, eye wòda gbe le dɔnɔ siwo katã nɔ wo dome la ŋu.


Esi Yesu ɖi tso togbɛ la dzi gbɔna la, ameha gã aɖe kplɔe ɖo hoo.


Gbe ɖeka esi amehawo ganɔ ƒu ƒom ɖe Yesu ŋu la, elia togbɛ aɖe, henɔ anyi eye eƒe nusrɔ̃lawo hã va nɔ egbɔ.


“Mi Zebulon kple Naftali, mi anyigba siwo le ƒuta, kple anyigba siwo le Yɔdan tɔsisi la godo, va se ɖe ame siwo menye Yudatɔwo o la ƒe Galilea,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite