Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 4:1 - Agbenya La

1 Esia megbe la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la kplɔ Yesu yi gbedzii be Abosam natee kpɔ.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Tete Gbɔgbɔ la kplɔ Yesu yi gbedzii, bena Abosam natee akpɔ.

Gade chapit la Kopi




Mateo 4:1
18 Referans Kwoze  

Esi wònye be eya ŋutɔ kpe fu to tetekpɔ me ta la, ete ŋu kpe ɖe ame siwo tem wole kpɔ la ŋu.


Elabena ame siwo Mawu ƒe Gbɔgbɔ kplɔna la, ame mawoe nye Mawu viwo.


Tete Gbɔgbɔ la kɔm ɖe dzi heyi xɔxɔnu emetɔ, eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe yɔ gbedoxɔ la me.


Nyemagaƒo nu na mi fũu o, elabena xexe sia me dziɖula le mɔ dzi gbɔna. Mekpɔ ŋusẽ ɖe dzinye o,


Gbɔgbɔ la kɔm do ɖe dzi, eye wòkɔm dzoe. Meyi le vevesese kple dzikudodo ɖe Gbɔgbɔ la ŋuti me, eye Yehowa ƒe asi sesẽ la nɔ dzinye


Esi wòdo tso tsia me teti ko la, Aƒetɔ la ƒe Gbɔgbɔ kɔ Filipo dzoe, ale be Etiopia ŋutsu la megakpɔe o, ke eya hã dze aƒemɔ dzi kple dzidzɔ.


Mese hoowɔwɔ sesẽ aɖe ƒe ɖiɖi le megbenye be, “Woakafu Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe le eƒe nɔƒe kɔkɔe la.”


Le Mawu ƒe ŋutegawo me la, ekplɔm yi Israelnyigba dzi, eye wòdam ɖe to kɔkɔ aɖe ŋutɔ dzi. Xɔ aɖewo le to kɔkɔ sia ƒe dziehe lɔƒo, eye wòdze abe du gã aɖee ene.


Nyemenya afi si Yehowa ƒe Gbɔgbɔ akplɔ wò ayii ne medzo le gbɔwò o. Ke ne meɖagblɔe na Ahab eye meva kpɔ wò o la, awum. Ke hã la, nye, wò dɔla, mesubɔ Yehowa tso nye ɖekakpuime ke.


Wogblɔ nɛ be, “Amegã, ɖe gbe na mí ko, ekema míaƒe duƒula nyuitɔwo dometɔ blaatɔ̃ ayi gbedzi aɖadi wò amegã; ɖewohĩ Yehowa ƒe gbɔgbɔ gblẽe ɖe to aɖe dzi loo alo gblẽe ɖe balime le afi aɖe.” Ke Elisa ɖo eŋu be, “Ao, migaɖe fu na mia ɖokuiwo o.”


Tso azɔ dzi la, made fuléle wò kple nyɔnu la dome, eye fuléle ma ke anɔ wò dzidzime kple nyɔnu la tɔ dome. Eya la agbã ta na wò, eye wò la àɖu afɔkpodzi nɛ.”


Gbɔgbɔ la kɔm ɖe dzi hedam ɖe aboyome siwo nɔ Babilonia la dome le ŋutega si Mawu ƒe Gbɔgbɔ na mekpɔ la me. Tete ŋutega si mekpɔ la, dzo le gbɔnye,


Tete Gbɔgbɔ la kɔm ɖe dzi, eye wòkɔm yi Yehowa ƒe aƒe ƒe agbo si dze ŋgɔ ɣedzeƒe la nu. Ŋutsu blaeve vɔ atɔ̃ wonɔ agbo la nu, eye mekpɔ Yazania, Azur ƒe vi kple Pelatia, Benaya ƒe vi, ameawo nunɔlawo le ameawo dome.


Edo nane si le abe asi ene ɖa, eye wolé nye taɖa. Gbɔgbɔ la kɔm ɖe dzi yi anyigba kple dziƒo dome, eye le Mawu ƒe ŋutega aɖe me la, ekɔm yi Yerusalem, yi ɖe xɔxɔnu emetɔ ƒe agbo anyiehetɔ ƒe mɔnu, afi si legba si nyɔa ŋuʋaʋã ƒe dɔmedzoe le Mawu me la le.


Ke boŋ ame sia ame ƒe didi vɔ̃woe tenɛ kpɔ, eye woblea enu hehenɛ dzonae.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite