Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 3:4 - Agbenya La

4 Ke kposɔfu le Yohanes ƒe awu si wòdo la ŋu, eye wòtsɔ lãgbalẽlidziblaka tsɔ bla awua dzii; eƒe nuɖuɖue nye ʋetsuviwo kple gbemenyitsi.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Ke Yohanes la ŋutɔ la, kposɔfuwu le eŋu, eye lãgbalẽlidziblanu le eƒe ali dzi; eye eƒe nuɖuɖu enye ʋetsuviwo kple gbemenyitsi.

Gade chapit la Kopi




Mateo 3:4
12 Referans Kwoze  

Woɖo eŋu nɛ be, “Enye ŋutsu aɖe si ŋu fu le kpedzee, ebla ali dzi kple alidziblaka keke aɖe si wowɔ kple lãgbalẽ.” Tete fia la do ɣli be, “Eliya, Tisbitɔ lae!”


Esiwo miaɖu woe nye ʋetsuvi tɔgbiwo katã, gbagblami kple abɔ ƒomeviwo katã.


Wotɔ awu si Yohanes do la kple kposɔfu, eye wòtsɔ lãgbalẽlidziblaka bla awua dzii. Eƒe nuɖuɖu koe nye ʋetsuviwo kple gbemenyitsi.


Ne mele eme nenema o ɖe, nu ka miedo go yi kpɔkpɔ ge? Ame si do awu nyuiwoa? Ao, ame siwo do awu nyuiwo la le fiasãwo me.


“Gbe ma gbe la, nyagblɔɖila ɖe sia ɖe ƒe ŋutega si wòakpɔ la akpe ŋu nɛ. Magado nyagblɔɖilawo ƒe awu si wowɔ kple ɖa la be wòable amewo o.


Eya adze ŋgɔ na Aƒetɔ la, anɔ Eliya ƒe gbɔgbɔ kple ŋusẽ me be wòatrɔ fofowo ƒe dziwo ɖe wo viwo ŋu, eye tomaɖolawo ɖe ame dzɔdzɔewo ƒe nunya ŋu, be wòadzra ame siwo wodzra ɖo ɖi na Aƒetɔ la ɖo.”


“Kpɔ ɖa, maɖo Nyagblɔɖila Eliya ɖe mi hafi Yehowa ƒe ʋɔnudrɔ̃ŋkeke gã dziŋɔ la naɖo.


Mana ŋusẽ nye ɖasefo eveawo, eye woata akpanya agblɔ nya ɖi hena ŋkeke akpe ɖeka alafa eve blaade (1,260).”


Yohanes menoa wain teti hã o, eye wòtsia nu dɔna zi geɖe, gake miegblɔ be gbɔgbɔ vɔ̃ le eme.


Etsɔ tonyigba nyonuwo nɛ kpe ɖe anyigba sɔsɔe nyonuku ŋu ena anyitsii tso agakpe me amii tso kpenyigba me!


ɣe ma ɣi Yehowa gblɔ na Amoz ƒe vi, Yesaya, be, “Ɖe wò akpanya si nèta la da ɖi, eye nàɖe afɔkpawo le wò afɔ.” Ale Yesaya wɔ nenema; eɖe amama, eye wònɔ afɔ ƒuƒlu zɔm nɔ yiyim.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite