Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 3:16 - Agbenya La

16 Esi wòde mawutsi ta nɛ vɔ, eye wònɔ go dom le tsia me la, dziƒo nu ʋu, eye Yesu kpɔ Mawu ƒe Gbɔgbɔ le akpakpa ƒe nɔnɔme me, wònɔ ɖiɖim ɖe edzi.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Ke esi wode mawutsi ta na Yesu vɔ la, edo go tso taa me enumake; eye kpɔ ɖa, dziƒowo ʋu nɛ, eye wokpe Mawu ƒe Gbɔgbɔ la le ɖiɖim abe akpakpa ene va edzi:

Gade chapit la Kopi




Mateo 3:16
14 Referans Kwoze  

Yehowa ƒe Gbɔgbɔ anɔ eya amea dzi, nunya kple gɔmesese ƒe gbɔgbɔ; aɖaŋudede kple ŋusẽ ƒe gbɔgbɔ kple sidzedze kple Yehowavɔvɔ̃ ƒe gbɔgbɔ,


Esi Yesu nɔ dodom tso tsia me la, ekpɔ be dziƒowo nu ʋu, eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe si nɔ akpakpa ƒe nɔnɔme me la nɔ ɖiɖim ɖe edzi.


“Kpɔ ɖa esiae nye nye dɔla si melé ɖe te, nye ame tiatia si ŋu mekpɔa ŋudzedze le; matsɔ nye gbɔgbɔ kɔ ɖe eya amea dzi ne wòadrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe na dukɔwo.


Aƒetɔ Yehowa ƒe Gbɔgbɔ le dzinye, elabena Yehowa si ami nam, be magblɔ nyanyui la na ame dahewo. Edɔm ɖa be mayɔ dɔ ame siwo ƒe dzi gbã. Maɖe gbeƒã ablɔɖe na aboyomewo, eye woaɖe ga gamenɔlawo tso viviti me;


Stefano gblɔ na ameha la be, “Mikpɔ ɖa, mekpɔ dziƒo nu ʋu, eye Amegbetɔ Vi la tsi tsitre ɖe Mawu ƒe nuɖusime.”


Le ƒe blaetɔ̃lia ƒe ɣleti enelia me, le ŋkeke atɔ̃lia gbe, esi menɔ aboyomenɔlawo dome le Kebar Tɔsisi la to la, dziƒowo nu ʋu, eye mekpɔ ŋutega tso Mawu ŋu.


Elabena ame si Mawu ɖo ɖa gblɔa Mawu ƒe nyawo elabena Mawu na Gbɔgbɔ lae le agbɔsɔsɔ me.


Yehowa be, “Nye la, esiae nye nye nubabla kpli wo. Nye Gbɔgbɔ si le dziwò, nye nya siwo metsɔ de nuwò la madzo le nuwò alo le viwòwo ƒe nu alo le wò dzidzimeviwo ƒe nu tso azɔ dzi yi ɖe mavɔ me o,” Yehowae gblɔe.


Nyateƒe gblɔm mele na wò be, èle dziƒo kpɔ ge wòaʋu, eye mawudɔlawo anɔ Amegbetɔ Vi la gbɔ vam, aganɔ dziƒo yim.”


tso ɣeyiɣi si me Yohanes de mawutsi ta nɛ va se ɖe esime Mawu ƒe Gbɔgbɔ kɔe le mía gbɔ yi dziƒo. Wo dometɔ ɖeka nazu tsitretsitsi ƒe ɖaseɖila akpe ɖe mía ŋu.”


Yesu Kristoe nye ame si va to tsi kple ʋu me. Meva to tsi me ɖeɖe ko o, ke boŋ to tsi kple ʋu me. Eye Gbɔgbɔ lae le ɖase ɖim le nu sia ŋu, elabena Gbɔgbɔ lae nye nyateƒe la.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite