Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 27:5 - Agbenya La

5 Ale Yuda tsɔ ga la ƒu gbe ɖe anyigba le gbedoxɔ la me, eye wòyi ɖade ka ve na eɖokui.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Eye wòtso klosalo la ƒu gbe ɖe mawuxɔ la me hedzo, eye wòyi ɖade ka ve na eɖokui.

Gade chapit la Kopi




Mateo 27:5
12 Referans Kwoze  

Le ɣeyiɣi ma me la, esi Absalom do ŋukpe Ahitofel le dukɔ la ŋkume eye mexɔ eƒe aɖaŋuɖoɖo o ta la, Ahitofel de eƒe tedzi dzi eye wòyi wo de. Esi wòdzra eƒe aƒe ɖo vɔ la, ede ka ve na eɖokui. Ale Ahitofel ku eye woɖii ɖe fofoa xa.


Le ɣeyiɣi siawo katã me la, ameha si nɔ xexe la nɔ Zekaria lalam be wòado go, eye wòwɔ nuku na wo ŋutɔ be etsi gbedoxɔa me fũu nenema.


eye le nunɔdɔ ƒe kɔnu la nu la, woda akɔ, eye wotia Zekaria be wòawɔ subɔsubɔdɔ le Aƒetɔ la ƒe gbedoxɔ la me, eye wòado dzudzɔ.


O! Mawu, ke wò la, àhe ame vɔ̃ɖiwo ayi yɔdo me. Ŋutsu hlɔ̃dolawo kple ameblelawo manɔ agbe wòade agbemeŋkeke siwo nèna wo la ƒe afã hã o. Ke nye la, wò ko dzi meka ɖo.


Ale be melɔ̃ kudɔƒoƒo kple ku wu nye ŋutilã sia.


Srɔ̃a va egbɔ biae be, “Ɖe nègalé wò blibodede la me ɖe asi koa? Do ɖiŋu na Mawu ne nàku!”


Esi Zimri kpɔ be futɔwo xɔ Tirza la, eyi fiasã la me hetɔ dzoe ɖe eɖokui dzi eye wòku ɖe dzo la me.


Abimelek gblɔ na eƒe adekplɔvi be, “Wum! Elabena menyo be woase be nyɔnue wu Abimelek o!” Ale adekplɔvi la tɔ hɛe wòku.


Le nuwuwu la, ame eve va gblɔ be, “Ame sia gblɔ be, ‘mate ŋu agbã Mawu ƒe gbedoxɔ sia agatui le ŋkeke etɔ̃ megbe.’ ”


Nunɔlagãwo va fɔ ga la le anyigba, eye wogblɔ be, “Míate ŋu atsɔ ga sia ade nudzɔɖaka la me o, elabena etsi tsitre ɖe míaƒe sewo ŋu be, míaxɔ ga si woxe ɖe ame aɖe ƒe ku ta la.”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite