Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 27:48 - Agbenya La

48 Ameawo dometɔ ɖeka ƒu du ɖatsɔ aha tsitsi, eye wòkɔe ɖe akutsa tɔxɛ aɖe me. Etɔ akutsa la ɖe ati nu, eye wòtsɔe ɖo nu na Yesu.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

48 Eye enumake wo dometɔ ɖeka ƒu du yi ɖatsɔ ƒumekutsa, eye wòkɔ aha tsitsi ɖe eme fũ, eye wòtsɔe ɖo ayeti nu hekpe ne.

Gade chapit la Kopi




Mateo 27:48
7 Referans Kwoze  

Wotsɔ veve de nye nuɖuɖu me, eye esi tsikɔ wum la, wotsɔ aha tsitsi nam be mano.


Asrafo siwo nɔ eŋu dzɔm hã ɖu fewu le eŋu. Wotsɔ aha tsitsi nɛ be wòano,


Asrafoawo tsɔ wain si me wode gbe siwo vena la nɛ be wòano, gake esi wòɖɔe kpɔ la, egbe enono.


Nukpɔla siwo le afi ma la dometɔ aɖewo mese nya si wògblɔ la gɔme nyuie o, eye wobu be Eliya yɔm wòle.


Ke ame bubuwo gblɔ nɛ be, “Ɖe asi le eŋuti ne míakpɔe ɖa be Eliya ava ɖee le atia ŋuti hã.”


Le esia ta wo dometɔ ɖeka ƒu du yi ɖaku wain tsitsi eye wòkɔe ɖe ƒumekutsa me, tɔe ɖe ati nu hetsɔ ɖo nu na Yesu be wòano hegblɔ kpe ɖe eŋu be, “Miɖe asi le eŋu azɔ ne míakpɔe ɖa be Eliya ava ɖee le atia ŋuti hã.”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite