Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 27:40 - Agbenya La

40 “Ke alee wòle! Àte ŋu agbã gbedoxɔ la, agbugbɔ atui le ŋkeke etɔ̃ megbe. Màte ŋui oa? Ne àte ŋui, eye nènye Mawu ƒe Vi tututu la, ɖe ɖokuiwò le atitsoga la ŋuti!”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

40 eye wole gbɔgblɔm bena: Wò, amesi le mawuxɔ la gbãm gale etum le ŋkeke etɔ̃agbe la, ɖe ɖokuiwò; nenye Mawuvi nènye la, ekema ɖi le atitsoga la ŋuti!

Gade chapit la Kopi




Mateo 27:40
13 Referans Kwoze  

Le nuwuwu la, ame eve va gblɔ be, “Ame sia gblɔ be, ‘mate ŋu agbã Mawu ƒe gbedoxɔ sia agatui le ŋkeke etɔ̃ megbe.’ ”


Egblɔ nɛ be, “Nenye Mawu vie nènye vavã la, ti kpo tso afi sia. Elabena woŋlɔ ɖi bena: “ ‘Aɖe gbe na eƒe dɔlawo le ŋutiwò, eye woatsɔ wò ɖe woƒe asiwo me ale be màtsɔ wò afɔ axlã ɖe kpe aɖeke o.’ ”


Esi Abosam kpɔ esia la, eva tee kpɔ gblɔ nɛ be, “Nenye wòe nye Mawu ƒe Vi la vavã la, ɖe gbe na kpe siawo be woatrɔ azu abolo na wò nàɖu.”


Anyigbadzinɔlawo akpɔ dzidzɔ le wo ŋuti, eye woaɖu azã, aɖo nunanawo ɖe wo nɔewo, elabena nyagblɔɖila eve siawo wɔ funyafunya ame siwo le anyigba dzi la.


“Egblɔ nɛ be, ‘Nenye be womaɖo to Mose kple Nyagblɔɖilawo o la, ne ame aɖe fɔ tso ame kukuwo dome gɔ̃ hã la, mate ŋu aƒoe ɖe wo nu woaxɔe o.’ ”


Esi asrafo siwo klãe ɖe atia ŋuti kple woƒe amegãwo kpɔ nu siwo va dzɔ kple ale si anyigba ʋuʋui la, ŋɔdzi kple vɔvɔ̃ lé wo, eye wogblɔ be, “Ame sia nye Mawu ƒe Vi vavã.”


“Èɖe ame bubuwo, gake màte ŋu aɖe ɖokuiwò o! Ke wò boŋue nye Israel ƒe fia la? Nenye wòe la, ɖi le atitsoga la ŋuti, ekema míaxɔ dziwò ase.


Dzidzime vɔ̃ɖi, ahasitɔ sia le nukunu ƒe dzesi dim, ke womawɔ ɖeke na wo o, negbe Yona ƒe dzesi la ko.” Ale Yesu gblẽ wo ɖi, eye wòdzo.


Nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo kple dumegã siwo le afi ma la ɖu fewu le eŋu be,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite