Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 27:26 - Agbenya La

26 Ale Pilato ɖe asi le Barabas ŋuti na wo. Ena woƒo Yesu, eye esi woƒoe vɔ la, eɖe asi le eŋu na Romasrafowo be woakplɔe aɖaklã ɖe ati ŋuti.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

26 Tete wòɖe asi le Baraba ŋu na wo; ke Yesu la, eƒoe kple atam, eye woɖee asi, bena woakpe de ati ŋuti.

Gade chapit la Kopi




Mateo 27:26
11 Referans Kwoze  

Ke woƒo nu ɖee le míaƒe dzidadawo ta. Wogbãe gudugudu ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta. Tohehe si he ŋutifafa vɛ na mí la le eya amea dzi, eye eƒe abi siwo wòxɔ la yɔ dɔ mí.


Ale Pilato na woƒo Yesu kple atam.


Azɔ Pilato vɔ̃ be ameha la ava wɔ ʋunyaʋunya eye be wòadze wo ŋu ta la, eɖe asi le Barabas ŋu na wo. Ke eɖe gbe be woaƒo Yesu kple atam. Le esia megbe la, ekplɔe de asi na ameawo be woaɖaklãe ɖe ati ŋu le woƒe didi nu.


Le esia ta la, mana woaƒoe sesĩe le dutoƒo, eye maɖe asi le eŋu.” [


Metrɔ nye dzime na ame siwo ƒom, metrɔ nye tome na ame siwo nyɔa ge nam la. Nyemeɣla nye mo ɖe fewuɖulawo kple ame siwo nyɔa ta ɖe mo nam o.


Ke eya ŋutɔ tsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ɖe eƒe ŋutilã me le ati ŋuti, ale be míaku na nu vɔ̃, eye míanɔ agbe na dzɔdzɔenyenye, eye to eƒe abi si wòxɔ me la, míekpɔ dɔyɔyɔ.


Woaɖu fewu le eŋu vevie, aɖe ta ɖe eŋu vlodotɔe, aƒoe kple atam eye woawui, gake le ŋkeke etɔ̃a gbe la, atsi tsitre tso ame kukuwo dome.”


Woatsɔm ade asi na ame siwo menye Yudatɔwo o, eye amewo aɖu fewu le ŋunye. Woaklãm ɖe atitsoga ŋu maku, gake le ŋkeke etɔ̃a gbe la, mafɔ.”


Mlɔeba la, Pilato tsɔ Yesu de asi na wo be woaklãe ɖe ati ŋuti. Ale asrafoawo kplɔ Yesu dzoe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite