Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 27:25 - Agbenya La

25 Ameha la do ɣli sesĩe be, “Eƒe ʋukɔkɔɖi ƒe tohehe neva mí kple mía viwo dzi faa!”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

25 Eye dukɔ blibo la katã xɔ dzi bena: Eƒe ʋu neva mía kple mía viwo dzi!

Gade chapit la Kopi




Mateo 27:25
20 Referans Kwoze  

Ne ame aɖe do go le wò aƒe me yi mɔtata dzi la, eƒe ʋu anɔ eya ŋutɔ ƒe ta dzi, menye míawoe wɔe o. Ke hena ame siwo anɔ wò aƒe me la, amea ƒe ʋu ava míaƒe ta dzi ne míeka asi eŋuti.


Ebia wo be, “Menye ɖe míede se na mi vevie be miagafia nu le ŋkɔ sia me azɔ oa? Ke azɔ kura boŋ miekaka míaƒe nufiafia ɖe Yerusalem du blibo la me, eye mieɖoe kplikpaa be yewoatsɔ ame sia ƒe ku aɖo mía dzi!”


Mitɔ asi nyagblɔɖila si yome mia tɔgbuiwo meti hewɔ fui o la dzi nam. Wowu nyagblɔɖila siwo gblɔ Dzɔdzɔetɔ la ƒe vava ɖi eye miawo hã miede ame sia asi, eye miewui.


Ale nàte ŋu axɔ ame maɖifɔwo ɖe agbe le anyigba si Yehowa wò Mawu tsɔ na wò la dzi, eye ʋukɔkɔɖi dzodzro ƒe agba manɔ dziwò o.


“ ‘Ale womagblẽ kɔ ɖo na anyigba la o, elabena hlɔ̃dodo gblẽa kɔ ɖo na anyigba la. Gawu la, nu si woate ŋu atsɔ alé avu ɖe hlɔ̃dodo ta koe nye hlɔ̃dola la wuwu.


Ekema Yehowa ana ame eve siwo nyo wui hafi wòwu wo la ƒe nu vɔ̃ nanɔ eya ŋutɔ dzi elabena fofonye ƒe asi menɔ Aʋafia Abner, Israelʋakɔ la ƒe kplɔla gã la kple Aʋafia Amasa, Yudaʋakɔwo ƒe kplɔla gã la ƒe ku me o.


Elabena David gblɔ nɛ be, “Wò ʋu ava wò ŋutɔ wò ta dzi. Wò ŋutɔ wò nue ɖu ɖasefo ɖe ŋuwò esi negblɔ be, ‘Mewu Yehowa ƒe amesiamina la.’ ”


Mègakpɔ nublanui nɛ o! Ɖe hlɔ̃dolawo katã ɖa le Israelviwo dome! Eya ko hafi nu sia nu ayi edzi nyuie na mi.


Mègade ta agu na wo alo asubɔ wo o, elabena nye Yehowa, wò Mawu la, Mawu ʋãŋue menye. Mehea to na ame siwo léa fum la ƒe viwo va se ɖe dzidzime etɔ̃lia kple enelia dzi,


Nyateƒe, nya sia ɖe wòle abe kpe ene; ame si akli kpe sia la, aŋe kluikluiklui, eye ame si dzi kpe sia age adze la, agbã gudugudu.”


Ke le ale si Yudatɔwo tsi tsitre ɖe Paulo ŋu sesĩe, eye gawu la, wonɔ busunyawo gblɔm ta la, Paulo ɖe asi le woƒe nya me, eye wògblɔ na wo be, “Miaƒe ʋu neva miawo ŋutɔ ƒe ta dzi. Nye asi megale miaƒe nya me o. Tso azɔ dzi yina la, magblɔ nyanyui la na ame siwo menye Yudatɔwo o.”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite