Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 27:24 - Agbenya La

24 Esi Pilato kpɔ be ameawo ɖo kplikpaa, eye hoowɔwɔ gã aɖe le egɔme dzem la, ena woku tsi ɖe gagbɛ me vɛ nɛ, ale wòklɔ asi le ameha la ƒe ŋkume gblɔ be, “Ame nyui sia ƒe ʋukɔkɔɖi metso gbɔnye o; ke boŋ etso mia gbɔ!”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

24 Eye esi Pilato kpo bena, wɔwɔa ɖeke megali o, ke zi tɔ hoo boŋ la, etsɔ tsi klɔ asi le ameha la ƒe ŋku me gblɔ bena: Nye la, ʋu sia mele asinye me o; mia ŋutɔwo mikpɔ edzi!

Gade chapit la Kopi




Mateo 27:24
16 Referans Kwoze  

Egblɔ na wo be, “Mewɔ nu vɔ̃, elabena mede ame maɖifɔ asi.” Ke woɖo eŋu nɛ be, “Wò nyae nye ema, ɖeke meka mí o.”


Meklɔ nye asiwo le fɔmaɖimaɖi me, eye meƒo xlã wò vɔsamlekpui, O! Yehowa,


Elabena Kristo mewɔ nu vɔ̃ aɖeke o, gake be míawo míakpɔ agbe ta la, Mawu tsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ƒe agba dro ɖe eya amea dzi. Eye wòtsɔ eƒe dzɔdzɔenyenye ɖo eteƒe na mí katã.


elabena Kristo ku ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta zi ɖeka hena ɣeyiɣiwo katã. Mewɔ nu vɔ̃ aɖeke kpɔ o, gake eku ɖe nu vɔ̃ wɔlawo ta be wòakplɔ mi va Mawu gbɔe dedie. Wowui le ŋutilã me, ke wogbɔ agbee le Gbɔgbɔ me,


Ke wo katã wolɔ̃ ɖe edzi be, “Míawɔ nu sia, gake menye le Ŋutitotoŋkeke la dzi o, ne menye nenema o la, zi atɔ le dukɔa me.”


Miegbe nu le dzɔdzɔetɔ la kple kɔkɔetɔ la gbɔ eye miebia be wòaɖe asi le hlɔ̃dola ŋu boŋ.


Pilato gado go va xexe, eye wògblɔ na Yudatɔwo be, “Mele ekplɔ ge ado goe na mi, gake minya esia be nyemekpɔ fɔɖiɖi aɖeke le eŋu o.”


Esi asrafo siwo klãe ɖe atia ŋuti kple woƒe amegãwo kpɔ nu siwo va dzɔ kple ale si anyigba ʋuʋui la, ŋɔdzi kple vɔvɔ̃ lé wo, eye wogblɔ be, “Ame sia nye Mawu ƒe Vi vavã.”


Esia wu nya si Nyagblɔɖila Yeremia gblɔ ɖi be, “Wotsɔ klosaloga blaetɔ̃ si wòxɔ le Israelviwo gbɔ la


ègblɔ be, ‘Nyemeɖi fɔ o. Mekpɔ dziku ɖe ŋutinye o.’ Ke madrɔ̃ ʋɔnu wò elabena ègblɔ be, ‘Nyemewɔ nu vɔ̃ o.’


Wogblɔna na ati be, ‘Wòe nye fofonye.’ Wogblɔna na kpe be, ‘Wòe dzim.’ Wotrɔ woƒe megbe dem ke menye woƒe ŋkume o, gake ne woɖo xaxa me la, wogblɔna be, ‘Va, nàɖe mí!’


Ke esi wònɔ ʋɔnudrɔ̃zikpui la dzi la, srɔ̃a ɖo gbedeasi sia ɖee be, “Mègaka asi ame dzɔdzɔe ma ŋuti o, elabena etsɔ si va yi ƒe zã la, meku drɔ̃e dziŋɔ aɖe tso eŋuti.”


Pilato gabia wo be, “Nu vɔ̃ ka wòwɔ?” Ke ameawo gado ɣli sesĩe wu tsã be, “Klãe ɖe ati ŋuti!”


Simɔn Petro gblɔ be, “Aƒetɔ, ne ele nenema la, ekema menye nye afɔwo ko o, ke boŋ klɔ nye asiwo kple nye ta hã.”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite