Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 27:17 - Agbenya La

17 Esi ameha la ɖi anyi ɖe Pilato ƒe xɔxɔnu le ŋdi ma la, ebia wo be, “Ame ka ŋutie maɖe asi le na mi? Barabas loo alo Yesu, miaƒe Kristo la?”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 Eyaŋuti esi woƒo wo ɖokui nu ƒu la, Pilato gblɔ na wo bena: Ameka ŋue mielɔ̃ bena, maɖe asi le na mia? Baraba loo alo Yesu, si woyɔna be Kristo la mahã?

Gade chapit la Kopi




Mateo 27:17
9 Referans Kwoze  

Gake wodo ɣli sesĩe be, “Mikplɔe dzoe! Mikplɔe dzoe! Miklãe ɖe ati ŋuti!” Pilato bia wo be, “Maklã miaƒe fia la ɖe ati ŋua?” Nunɔlagãwo ɖo eŋu nɛ be, “Fia aɖeke mele mía si o, negbe Kaisaro ko.”


Eye Eliya do ɖe ameawo ŋgɔ eye wògblɔ na wo be, “Ɣe ka ɣie mianɔ evedome si va se ɖo? Ne Yehowae nye Mawu la, midze eyome, ke nenye Baal ye nye Mawu la, midze eyome!” Gake womeɖo nya aɖeke ŋuti nɛ o.


Ke ne Yehowa subɔsubɔ medze mia ŋu o la, ekema mitia ame si miasubɔ la egbea! Ɖe miasubɔ mia tɔgbuiwo ƒe mawu siwo wosubɔ le Frat tɔsisi la godo loo alo Amoritɔwo ƒe mawuwo le anyigba sia dzia? Ke nye kple nye aƒe ya, míasubɔ Yehowa!”


eye Yakob dzi Yosef, ame si nye Maria, Yesu Kristo dada srɔ̃.


Le ƒe sia me la, gamenɔla aɖe li. Ame sia nye ame baɖa kple tagbɔsesẽtɔ. Eƒe ŋkɔe nye Yesu Barabas.


Elabena Pilato nya nyuie be ale si ame geɖewo dze Yesu yomee la koe biã ŋu na Yudatɔwo ƒe dumegãwo, eya ta wolée ɖo.


Nyɔnu la ɖo eŋu nɛ be, “Menya be Mesia” (si woyɔna be Kristo la) “le vava ge. Ne eva la aɖe nu sia nu gɔme na mí.”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite