Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 26:69 - Agbenya La

69 Le ɣeyiɣi siawo katã me la, Petro ganɔ amehawo dome le xexe. Dɔlanyɔnuvi dzaa aɖe te ɖe eŋu gblɔ nɛ be, “Wò hã ènɔ Yesu Galileatɔ la yome.”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

69 Ke Petro bɔbɔ nɔ anyi ɖe gota le akpata me, eye nyɔnudɔlaa ɖe va egbɔ gblɔ nɛ bena: Wò hã ènɔ Yesu, Galileatɔ la gbɔ kpɔ.

Gade chapit la Kopi




Mateo 26:69
18 Referans Kwoze  

Emegbe la, Petro do ɖe agboa nu, eye nyɔnuvi bubu aɖe hã gakpɔ Petro le amehawo dome, eye wògblɔ na ame siwo le afi ma be, “Ame sia hã nɔ Yesu Nazaretitɔ la ƒe nusrɔ̃lawo dome.”


Esi Eliya se gbe bɔlɔe la la, ehe eƒe awu ʋlaya tsyɔ mo eye wòdo ɖe gota ɖatsi tsitre ɖe agado la ƒe mɔnu. Tete gbe aɖe gblɔ nɛ be, “Eliya, nu ka wɔm nèle le afi sia?”


Le eya megbe la, ame bubu hã gava do le amexexlẽŋkekewo me. Ame sia nye Yuda si tso Galilea. Eya hã dze agbagba he amewo ɖe eɖokui ŋu abe eƒe nusrɔ̃lawo ene, gake eya hã va ku eye eyomedzelawo kaka.”


Woɖo eŋu nɛ be, “Wò hã Galileatɔe nènyea? Wò ŋutɔ dzro mawunya la me, eye nàkpɔ be Nyagblɔɖila aɖeke matso Galilea o!” [


Ame bubu aɖewo be, “Eyae nye Kristo la.” Ke ame bubu aɖewo bia be, “Ɖe Kristo la ate ŋu atso Galilea mahã?


Nataniel gblɔ be, “Nu nyui aɖe ate ŋu ado tso Nazaretia?” Filipo ɖo eŋu nɛ be, “Va kpɔe ɖa.”


Petro nɔ adzɔge ʋĩi le Yesu yome. Esi wòva ɖo nunɔlagã la ƒe aƒe me la, eto nu xa dzaa ge ɖe aƒea me, eye wòyi ɖanɔ anyi ɖe subɔlawo dome be yeakpɔ nu si adzɔ ɖe Yesu dzi la ɖa.


Le ɣeyiɣi ma tututu me la, Yudatɔwo ƒe nunɔlagãwo kple Yudea dumegã bubuwo kpe ta ɖe nunɔlagãtɔ, Kayafa ƒe aƒe me,


Ame siwo nɔ Yesu ŋu la ɖo eŋu be, “Eyae nye Yesu, Nyagblɔɖila si tso Nazaret le Galilea.”


Woayra ame si mezɔna ɖe ame vɔ̃ɖiwo ƒe aɖaŋuɖoɖo nu alo nɔa tsitre ɖe nu vɔ̃ wɔlawo ƒe mɔ dzi loo alo nɔa anyi ɖe fewuɖulawo dome o,


Eliya ge ɖe agado aɖe me eye wòtsi afi ma dɔ. Yehowa ƒe gbe va nɛ be, “Eliya, nu ka wɔm nèle le afi sia?”


Ke Petro sẽ nu le wo katã ƒe ŋkume be, “Nyemenya naneke le nu si gblɔm nèle la ŋu o.”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite