Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 26:58 - Agbenya La

58 Petro nɔ adzɔge ʋĩi le Yesu yome. Esi wòva ɖo nunɔlagã la ƒe aƒe me la, eto nu xa dzaa ge ɖe aƒea me, eye wòyi ɖanɔ anyi ɖe subɔlawo dome be yeakpɔ nu si adzɔ ɖe Yesu dzi la ɖa.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

58 Ke Petro le eyome ʋĩ gbɔna vaseɖe nunɔlagã ƒe mɔ̃ la gbɔ, eye wòyi ɖe eme, eye wòbɔbɔ nɔ anyi ɖe dɔlawo gbɔ, bena yeakpɔ alesi woawu nui.

Gade chapit la Kopi




Mateo 26:58
10 Referans Kwoze  

Farisitɔwo se nya siwo gblɔm ameha la le tso eŋu. Ale nunɔlagãwo kple Farisitɔwo dɔ gbedoxɔmesrafowo ɖa be woayi aɖalée.


Esi Simɔn Petro ganɔ dzoa ƒum la, ame bubu gabiae be, “Menye eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖekae nènye oa?” Petro gasẽ nu gblɔ be, “Gbeɖe, menye eƒe nusrɔ̃lae menye o.”


Mlɔeba la, gbedoxɔŋudzɔlawo trɔ yi nunɔlagãwo kple Farisitɔwo gbɔ, eye wobia wo be, “Nu ka ta mielée vɛ o ɖo?”


“Wɔ ɖeka kple wò futɔ si kplɔ wò yina ʋɔnui la kaba esi miegale mɔa dzi ko. Ne menye nenema o la, atsɔ wò ade asi na ʋɔnudrɔ̃la, ʋɔnudrɔ̃la hã atsɔ wò ade asi na asrafomegã, eye woade wò mɔ.


Le ɣeyiɣi ma tututu me la, Yudatɔwo ƒe nunɔlagãwo kple Yudea dumegã bubuwo kpe ta ɖe nunɔlagãtɔ, Kayafa ƒe aƒe me,


Ale wolée, eye wokplɔe yi nunɔlagã ƒe aƒe me, eye Petro nɔ eyome ʋĩi gbɔna.


Esi nunɔlagãwo kple woƒe asrafowo kpɔ Yesu la, wodo ɣli sesĩe be, “Klãe ɖe ati ŋuti! Klãe ɖe ati ŋuti!” Pilato gblɔ na wo be, “Miawo ŋutɔ miyi ɖaklãe ɖe ati ŋu. Nye la, nyemekpɔ fɔɖiɖi aɖeke le eŋuti o.”


Ke esi asrafoawo yi la, womekpɔ apostoloawo le gaxɔ la me o, ale wotrɔ ɖagblɔ na takpekpea me nɔlawo be,


Enumake asrafowo ƒe amegã kplɔ etevi aɖewo ɖe asi, eye woyi ɖalé apostoloawo. Asrafoawo kpɔ egbɔ be yewomelé wo sesẽtɔe o, elabena wonɔ vɔvɔ̃m be ne yewowɔ esia la, ɖewohĩ ameha gã si le afi ma la aƒu kpe yewo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite