Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 26:5 - Agbenya La

5 Ke wo katã wolɔ̃ ɖe edzi be, “Míawɔ nu sia, gake menye le Ŋutitotoŋkeke la dzi o, ne menye nenema o la, zi atɔ le dukɔa me.”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Ke wogblɔ bena: Menye le ŋkekenyuie la dzi o, bena zi nagatɔ le dukɔ la dome o.

Gade chapit la Kopi




Mateo 26:5
17 Referans Kwoze  

Esi Pilato kpɔ be ameawo ɖo kplikpaa, eye hoowɔwɔ gã aɖe le egɔme dzem la, ena woku tsi ɖe gagbɛ me vɛ nɛ, ale wòklɔ asi le ameha la ƒe ŋkume gblɔ be, “Ame nyui sia ƒe ʋukɔkɔɖi metso gbɔnye o; ke boŋ etso mia gbɔ!”


Ke ne míegblɔ be, ‘Etso amewo gbɔ’ la, míele vɔvɔ̃m na nu si ameawo awɔ, elabena wo katã woxɔe se be Yohanes nye Nyagblɔɖila.”


Herod di be yeawu Yohanes, gake enɔ vɔvɔ̃m be ʋunyaʋunya ava dzɔ, elabena amewo katã xɔe se be Yohanes nye nyagblɔɖila.


Yesu gblɔ na wo be, “Mi katã miele nu gbe ge le gbɔnye, elabena Mawu gblɔ to eƒe gbeƒãɖelawo dzi be, “ ‘Mele alẽkplɔla la ƒo ge, eye alẽawo akaka gbẽe.’


Le Ŋutitotoŋkekenyui la ƒe ŋkeke gbãtɔ si dzi woawu alẽviwo le la, Yesu ƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ eye wobiae be, “Afi ka míele Ŋutitotoŋkekenyui la ɖu ge le?”


Ke wogblɔ be, “Míate ŋu awui le ŋkekenyui la dzi o, ne míewɔe la, ʋunyaʋunya adzɔ.”


Mena mienya nuwuwua tso gɔmedzedzea, eye tso blema ke, mienya nu si ava dzɔ. Megblɔ be, ‘Nye nuɖoɖiwo anɔ anyi tegbee, eye mawɔ nu siwo katã dze ŋunye,’


Nunya, gɔmesese kple ɖoɖo aɖeke meli si adze edzi o, ne etsi tsitre ɖe Yehowa ŋu.


Nu geɖewo ame ɖo ɖe eƒe dzi me, gake Yehowa ƒe ɖoɖo koe vaa eme.


Ke nu si wò ŋutɔ nèɖo da ɖi le wò nunya kple ŋusẽ me xoxo la ko ate ŋu adzɔ.


Ale Yudatɔwo kplɔ Yesu tso Kayafa gbɔ yi ɖe Roma mɔmefia ƒe aƒe mee. Esi ŋu ke ta la, ame siwo kplɔ Yesu ɖo la gbe be yewomage ɖe aƒea me o, elabena womedi be yewoagblẽ kɔ ɖo na yewo ɖokuiwo o; wodi be yewoaɖu Ŋutitotoŋkeke la.


Azɔ Ŋutitotoŋkekenyui si dzi wowua ŋutitotolẽvi la le, eye woɖanɛ kple amɔ maʋamaʋã ƒe abolo la ɖo edzi.


Ame ka aƒo nu eye wòava eme, ne menye Aƒetɔ lae ɖe gbe o?


Vavã, wò dziku helĩhelĩ ɖe amewo ŋu, he kafukafu vɛ na wò, eye ame siwo tsi agbe le wò dziku la megbe la dze akɔ anyi.


Ne míegblɔ hã be, ‘Amewo gbɔ wòtso la,’ ekema ameha la katã awɔ funyafunya mí, elabena woxɔe se vevie be Yohanes nye nyagblɔɖila.”


Ɣlidodo sia na be amewo ƒo zi be yewoakpɔ nu si le edzi yim la ɖa, eye le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, du blibo la katã tɔ zi. Ame sia ame ƒu du yi ƒuƒoƒe la, eye wolé Gayo kple Aristako, ame siwo nye Paulo ƒe mɔzɔhatiwo tso Makedonia.


Alo menye wòe nye Egiptetɔ ma si de zitɔtɔ amewo me abe ƒe ɖeka alo eve aɖewoe nye esi va yi ene, eye nèkplɔ amewulawo abe akpe ene sɔŋ ene woɖabe ɖe gbegbe aɖe oa?”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite