Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 26:48 - Agbenya La

48 Yuda ɖo dzesi ɖi na wo eye wògblɔ na wo do ŋgɔ be ame si dim wole lae nye ame si yeado gbe na, eye yeagbugbɔ nu na la.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

48 Eye yomemɔfiala la ɖo dzesi ɖi na wo gblɔ bena: Amesi ƒe nu gbugbɔ ge mala la, eyae, ne mialée kpli.

Gade chapit la Kopi




Mateo 26:48
7 Referans Kwoze  

Hafi woava ɖo teƒea la, Yuda Iskariɔt gblɔ na wo do ŋgɔ be, “Ame si ŋu mate ɖo agbugbɔ nu na la, eyae, milée, ne miakplɔe ayii.”


Mègakplɔm kpe ɖe ame vɔ̃ɖiwo ŋu o, ame siwo ƒoa nu kple aƒelikawo fafɛ, gake vɔ̃ɖivɔ̃ɖi le woƒe dzi me.


Esi Abner va ɖo Hebron la, Yoab ɖe kpɔe le dua ƒe agbonu abe nya ɣaɣla aɖee wòbe yeagblɔ nɛ ene, ke eɖe adekpui eye wòwui abe hlɔ̃biabiae ɖe nɔvia Asahel, ame si Abner wu la ta ene.


Esi wònɔ nu ƒom la, Yuda, ame si nye nusrɔ̃la wuieveawo dometɔ ɖeka lae nye ekem le ŋgɔ na ameha gã aɖe, eye wozɔ gbɔna. Ameha siawo nye ame dɔdɔwo tso Yudatɔwo ƒe nunɔlagãwo kple dumegãwo gbɔ, eye wolé yiwo kple kpowo ɖe asi gbɔna.


Yuda zɔ tẽe yi ɖe Yesu gbɔ gblɔ nɛ be, “Medo gbe na wò, Nufiala,” eye wògbugbɔ nu nɛ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite