Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 26:45 - Agbenya La

45 Azɔ etrɔ va nusrɔ̃lawo gbɔ, eye wògblɔ na wo be, “Miate ŋu adɔ alɔ̃ azɔ faa, eye miadzudzɔ mia ɖokuiwo, gake nɔviwo, ɣeyiɣi la de be woade nye Amegbetɔ Vi la asi na nu vɔ̃ wɔlawo.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

45 Tete wòva nusrɔ̃lawo gbɔ, eye wògblɔ na wo bena: Miyi alɔ̃dɔdɔ dzi azɔ, eye migbɔ ɖe eme; mikpɔ ɖa, gaƒoƒo la ɖo vɔ, eye woade Amegbetɔvi la asi na nuvɔ̃wɔlawo.

Gade chapit la Kopi




Mateo 26:45
14 Referans Kwoze  

Azɔ esusɔ ŋkeke ɖeka ko ne Ŋutitotoŋkekenyui la naɖo, eye Yesu nya be ɣeyiɣi la de be yeadzo le xexea me, atrɔ ayi Fofo la gbɔ. Elɔ̃ etɔ siwo le xexea me ŋutɔ, eye wògaɖe eƒe lɔlɔ̃ fia wo.


Esi Yesu gblɔ nya siawo vɔ la, ewu mo dzi, do gbe ɖa gblɔ be, “Fofo, ɣeyiɣi la de azɔ. Ɖe Viwò la ƒe Ŋutikɔkɔefia ne Viwò hã naɖe wò ŋutikɔkɔe afia.


“Azɔ nye dzi le nu xam, ke nya ka magblɔ? Fofo, ɖem le gaƒoƒo sia mea? Gbeɖe, elabena esia ta meva xexea me ɖo.


Nu ka ta mielém le gbedoxɔ la me o ɖo? Menɔa afi ma gbe sia gbe ɖe! Gake ɣeyiɣi siae nye ɣeyiɣi nyuitɔ na mi, ɣeyiɣi si me Satana ƒe ŋusẽ le dzi ɖum.”


Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ne miege ɖe dua me teti ko la, miado go ŋutsu aɖe. Migblɔ nɛ be, ‘Míaƒe Nufiala ɖo mí ɖe gbɔwò be míagblɔ na wò be yeƒe ɣeyiɣi la ɖo azɔ, eya ta ye kple yeƒe nusrɔ̃lawo yewoava adze gbɔwò aɖu Ŋutitotoŋkekenyui la.’ ”


“Abe ale si mienya ene la, Ŋutitotoŋkekea adze egɔme le ŋkeke eve megbe, woadem asi eye woaklãm ɖe ati ŋuti.”


Esi ɣe ɖo to la, Eliya nɔ alɔme ɖem le wo ŋu be, “Mido ɣli sesĩe! Nyateƒemawue wònye! Ɖewohĩ ele ŋugble dem vevie alo eƒe ŋku biã ɖe dɔ aɖe ŋu alo ezɔ mɔ. Ɖewohĩ ele alɔ̃ dɔm eye wòhiã be woanyɔe.”


Ɖekakpui, kpɔ dzidzɔ le wò ɖekakpuime, eye nàna wò dzi naɖu agbe le wò ɖekakpuime. Zɔ ɖe wò dzi ƒe didi kple wò ŋku ƒe nukpɔkpɔ nu, ke nyae be Mawu adrɔ̃ ʋɔnu wò le nu siawo katã ta,


Etrɔ le wo gbɔ gayi ɖado gbe ɖa zi etɔ̃lia.


Mitso mídzo! Mikpɔ ɖa, ame si le denye ge asi lae nye ema gbɔna.”


Azɔ la, ezɔ yi ŋgɔ vie ɖatsyɔ mo anyi eye wòdo gbe ɖa bia be ne ele bɔbɔe la, gaƒoƒo la nato ye ŋu ayi.


Yesu ɖo eŋu na wo be, “Gaƒoƒo la de be woakɔ Amegbetɔ Vi la ŋu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite