Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 26:40 - Agbenya La

40 Yesu trɔ va nusrɔ̃la etɔ̃awo gbɔ, kasia ekpɔ be wonɔ alɔ̃ dɔm bɔkɔɔ. Eyɔ Petro, eye wòbiae be, “Ke miate ŋu anɔ ŋu kplim gaƒoƒo ɖeka teti hã oa?

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

40 Eye wova nusrɔ̃lawo gbɔ, eye wòkpɔ wo le alɔ me, eye wògblɔ na Petro bena: Ɖe miate ŋu anɔ ŋudzɔ kplim gaƒoƒo ɖeka oa?

Gade chapit la Kopi




Mateo 26:40
12 Referans Kwoze  

Le esia megbe la, etrɔ yi nusrɔ̃la etɔ̃awo gbɔ eye wòva ke ɖe wo ŋu wonɔ alɔ̃ dɔm. Yesu yɔ Petro gblɔ be, “Simɔn, alɔ̃ dɔm mielea? Ekema miate ŋu anɔ ŋudzɔ kplim gaƒoƒo ɖeka pɛ teti hã oa?


Mlɔeba la, etso le gbedoɖaƒe, eye wòtrɔ yi eƒe nusrɔ̃lawo gbɔ, gake eva ke ɖe wo ŋu wonɔ alɔ̃ dɔm, elabena konyifafa na be woƒe lãme gbɔdzɔ.


Esi wògatrɔ va la, ekpɔ nusrɔ̃lawo woganɔ alɔ̃ dɔm ko, elabena alɔ̃ bla woƒe ŋkuwo.


Le ɣeyiɣi sia me la, Petro kple nɔviawo nɔ alɔ̃ dɔm bɔkɔɔ. Esi wonyɔ la, wokpɔ be keklẽ kple ŋutikɔkɔe gã aɖe ƒo xlã Yesu, eye ŋutsu eve le tsitre ɖe egbɔ.


Petro gaɖo eŋu kple kakaɖedzi be, “Ke ɖeko maku hafi agbe nu le gbɔwò.” Azɔ nusrɔ̃la mamlɛawo hã ɖe adzɔgbe nenema.


Ale wògblɔ na wo be, “Nye lãme gbɔdzɔ ŋutɔ, eye nye dzi le nu xam heyi ku me ke, eya ta minɔ afi sia, eye mianɔ ŋudzɔ kplim.”


Eva dzɔ be ŋugbetɔsrɔ̃ la tsi megbe, ale alɔ̃ de asi ɖetugbiawo tsɔtsɔ me, eye womlɔ anyi dɔ alɔ̃.


Israel fia Ahab ɖo eŋu be, “Miyi ɖagblɔ na Fia Ben Hadad be, ‘Ame si le aʋa wɔ ge la maƒo adegbe o, ke ame si wɔ aʋa ɖu dzi la koe aƒo adegbe!’ ”


eye ne ŋu ke ko la, mige ɖe dua me. Ne Gaal kple eƒe amewo do va kpe mi la, ekema miate ŋu awɔ nu sia nu si dze mia ŋu la kpli wo!”


Medɔ alɔ̃, gake nye dzi ya le ŋu. Miɖo to! Nye lɔlɔ̃tɔ le ʋɔ ƒom! “Ʋu ʋɔ nam, nɔvinye nyɔnu, nye dzi lɔlɔ̃a, nye ahɔnɛ kple nye kpɔkpɔmatikɔe. Ahũ ƒo nye ta bekee, eye nye ɖa me yɔ fũu kple zãmu.


Minɔ ŋudzɔ, eye mido gbe ɖa, ne menye nenema o la, tetekpɔ aɖu mia dzi, elabena gbɔgbɔ la le lɔlɔ̃m, gake ŋutilã ya gbɔdzɔ.”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite