Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 26:32 - Agbenya La

32 Gake ne mefɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la, madze mia ŋgɔ ayi Galilea, afi si mado go mi le.”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

32 Ke le nye tsitretsitsi megbe la madze mia ŋgɔ ayi Galilea.

Gade chapit la Kopi




Mateo 26:32
13 Referans Kwoze  

Yesu gblɔ na wo be, “Migavɔ̃ o! Miyi miagblɔ na nɔvinyewo be woadze mɔ enumake woayi ɖe Galilea, eye woado gom le afi ma.”


Nusrɔ̃la wuiɖekɛawo hã dze Galilea mɔ dzi, eye woyi ɖe to si dzi Yesu ɖo be yeado go wo le la dzi.


Woatsɔm ade asi na ame siwo menye Yudatɔwo o, eye amewo aɖu fewu le ŋunye. Woaklãm ɖe atitsoga ŋu maku, gake le ŋkeke etɔ̃a gbe la, mafɔ.”


Azɔ miyi ɖagblɔ nya sia na Petro kple nusrɔ̃la bubuawo be: ‘Yesu dze mia ŋgɔ yina ɖe Galilea. Miakpɔe le afi ma abe ale si wògblɔe na mi hafi ku ene.’ ”


Gake ne mefɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la, madze mia ŋgɔ ayi Galilea, afi si mado go mi le.”


Tso azɔ dzi heyi la, Yesu ƒoa nu na eƒe nusrɔ̃lawo tso eƒe Yerusalem yiyi kple nu siwo adzɔ ɖe edzi le afi ma la ŋuti. Egblɔ na wo be, le Yerusalem la, Yudatɔwo ƒe nunɔlagãwo, agbalẽfialawo kple dumegãwo awɔ fu ye, eye woawu ye, gake yeagafɔ le ŋkeke etɔ̃a gbe.


Le esia megbe la, kristotɔwo wu alafa atɔ̃ kpɔe zi ɖeka. Ame siawo dometɔ aɖewo gale agbe, ke ɖewo hã ku.


Petro tɔ asi akɔ gblɔ nɛ be, “Ne ame sia ame ka hlẽ le ŋuwò hã la, nye ya nyemadzo le gbɔwò gbeɖegbeɖe o.”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite