Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 26:31 - Agbenya La

31 Azɔ Yesu gblɔ na wo be, “Le egbe ƒe zã sia me la, mi katã miakaka le ŋunye, elabena woŋlɔe ɖe mawunya me be, “ ‘Mele alẽkplɔla la ƒo ge, eye alẽawo katã akaka gbẽe.’

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

31 Tete Yesu gblɔ na wo bena: Mi katã miele nuɖiaɖia kpɔ ge le ŋutinye le zã sia me; elabena woŋlɔ ɖi bena: „Mele alẽkplɔla ƒo ge, eye alẽha blibo la katã laka ahlẽ.“

Gade chapit la Kopi




Mateo 26:31
16 Referans Kwoze  

“O yi, nyɔ, nàtso ɖe nye alẽkplɔla la ŋu, ɖe ame si tsɔ ɖe gbɔnye kpokploe la ŋu!” Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe. “Xlã nu ɖe alẽkplɔla la, alẽawo aka ahlẽ, eye matrɔ nye asi ɖe suetɔwo ŋu


Gaƒoƒo aɖe li gbɔna, eye eva ɖo gɔ̃ hã xoxo, esime woade zi mia dome, eye miaka ahlẽ, ame sia ame aɖo ta eya ŋutɔ ƒe aƒe me. Miagblẽm ɖi. Gake nyematsi akogo o, elabena Fofo la li kplim.


Vlododo na nye dzi gbã, eye mezu xɔnamemanɔsitɔ; mekpɔ mɔ na babadoname, gake ɖeke meli o. Mekpɔ mɔ na akɔfalawo, gake nyemekpɔ ɖeke o.


Le nye abiawo ta, xɔ̃nyewo kple nye zɔhɛwo ƒo asa nam, eye nye aƒelikawo hã le adzɔge nam.


Migblɔ nya sia hã nɛ be, ‘Woayra ame siwo xɔa dzinye sena ɖikeke manɔmee.’ ”


“Meyɔ xɔ̃nyewo gake woflum. Nye nunɔlawo kple dumegãwo siaa tsrɔ̃ le dua me esime wonɔ tsatsam le nuɖuɖu dim be woaɖu atsi agbe.


Ke enye Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu be wòagbãe gudugudu, ana wòakpe fu togbɔ be Yehowa tsɔ eƒe agbe wɔ fɔɖivɔsae hã la, akpɔ eƒe dzidzimeviwo. Adidi eƒe ŋkekewo ɖe edzi, eye Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu ava eme to eƒe asi dzi.


Èɖe nye zɔhɛwo kple xɔ̃nyewo ɖa le ŋunye, eye vivitie nye xɔ̃nye si tsɔ ɖe gbɔnye.


Nyateƒe, nu siawo katã le dzɔdzɔm tututu abe ale si nyagblɔɖilawo ŋlɔe da ɖi le mawunya la me ene.” Ke eƒe nusrɔ̃lawo katã si dzo.


Ele na nye Amegbetɔ Vi la be maku abe ale si nyagblɔɖilawo gblɔe da ɖi xoxo ene, gake baba na ame si adem asi la. Le nyateƒe me la, nenye be womegaxa dzii o la, anyo nɛ wu sãa.”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite