Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 26:14 - Agbenya La

14 Le nyadzɔdzɔ sia megbe la, Yuda Iskariɔt, nusrɔ̃la wuieveawo dometɔ ɖeka yi ɖe nunɔlagãwo gbɔ,

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Tete ame wuieveawo dometɔ ɖeka, si woyɔna bena Yuda Iskariot la, ta edzi yi ɖe nunɔlagãwo gbɔ gblɔ bena:

Gade chapit la Kopi




Mateo 26:14
14 Referans Kwoze  

Simɔn, ame si nye Zelotetɔ kple Yuda Iskariɔt, ame si va de Yesu asi.


“Nɔviwo, ele be ŋɔŋlɔ si Gbɔgbɔ kɔkɔe la gblɔ to David dzi le blema ku ɖe Yuda ŋu la nava eme. Yuda siae fia Yesu yomemɔ.


Esi Yuda ɖu abolo la teti ko la, edzo le xɔa me enumake hege ɖe viviti la me.


Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo nɔ fiẽnuɖuƒe. Do ŋgɔ la, Abosam dee ta me na Yuda Iskariɔt, Simɔn ƒe vi la be wòaɖade Yesu asi.


Le ɣeyiɣi sia me la, Yuda, ame si de Yesu asi la, kpɔ be wotso kufia nɛ. Eƒe susu trɔ, eye wòvee vevie be wòwɔ esia, eya ta egbugbɔ ga si wòxɔ le nunɔlagãwo kple Yudatɔwo ƒe dumegãwo si la yi na wo.


Esi wònɔ nu ƒom la, Yuda, ame si nye nusrɔ̃la wuieveawo dometɔ ɖeka lae nye ekem le ŋgɔ na ameha gã aɖe, eye wozɔ gbɔna. Ameha siawo nye ame dɔdɔwo tso Yudatɔwo ƒe nunɔlagãwo kple dumegãwo gbɔ, eye wolé yiwo kple kpowo ɖe asi gbɔna.


Azɔ Yuda, ame si de Yesu asi la hã nya teƒe sia, elabena Yesu kplɔa eƒe nusrɔ̃lawo yina afi ma edziedzi.


Ke azɔ la, Yuda hã bia Yesu be, “Nufiala, nyee le nu sia wɔ gea?” Ke Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Nɔvi, wò tututue le dɔ sia wɔ ge.”


Esi Yuda Iskariɔt, Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka, ame si fia Yesu yomemɔ emegbe la kpɔ nu sia la, egblɔ be,


Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Eyae nye ame si matsɔ abolo kakɛ sia asisi detsi atsɔ ana.” Tete wòtsɔ abolo kakɛ la sisi detsi hetsɔe na Simɔn ƒe vi, Yuda Iskariɔt.


(Yuda tsɔ ga si wòxɔ ɖe Yesu dede asi ta la ɖaƒle anyigba aɖe si dzi wòwu eɖokui le. Eti kpo tsɔ eɖokui xlã ɖe anyi, hewo to, eye eƒe dɔmenuwo kaka ɖe afi ma.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite