Wole diyem gbe sia gbe. Edze abe ɖe wotsi dzi be woanya nye mɔwo abe ɖe wonye dukɔ si wɔa nu dzɔdzɔe, eye womeŋlɔ woƒe Mawu ƒe sewo be o la ene. Wole afiatsotso dzɔdzɔe dim tso gbɔnye, eye wòdze abe ɖe wotsi dzi be Mawu nate ɖe wo ŋu kpokploe ene.
“Ŋlɔ agbalẽ na Sardis hamea ƒe mawudɔla be, Esiawoe nye nya siwo ame si lé Mawu ƒe Gbɔgbɔ adreawo kple ɣletivi adreawo ɖe asi la gblɔ. Menya wò dɔwɔwɔwo; wò ŋkɔ ɖi le teƒewo be èle agbe, gake èku
Mikpɔ egbɔ be Mawu ƒe amenuveve metsi ame aɖeke nu o, eye mikpɔ nyuie be gbe vɔ̃ aɖeke meto ke ɖe mia dome esi ava zu aɖi vɔ̃ɖi anɔ fu ɖem na ame geɖewo ahaƒo ɖi wo o.