Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 24:5 - Agbenya La

5 elabena ame geɖewo ava le nye ŋkɔ me agblɔ be, ‘Nyee nye Kristo la,’ eye woaflu ame geɖewo.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Elabena ame geɖewo ava le nye ŋkɔa dzi agblɔ bena: Nye enye Kristo; eye woaɖu ame geɖewo.

Gade chapit la Kopi




Mateo 24:5
15 Referans Kwoze  

elabena aʋatsokristotɔwo kple aʋatsonyagblɔɖilawo ava do, eye woawɔ nukunu gãwo siwo dzi Mawu ƒe ame tiatiawo gɔ̃ hã ate ŋu axɔ ase.


Aʋatsonyagblɔɖilawo abɔ fũu, eye woana geɖewo atra mɔ.


Yehowa gblɔ nam be, “Nyagblɔɖilawo le aʋatsonyawo gblɔm le nye ŋkɔ me. Nyemedɔ wo alo ɖo wo alo ƒo nu na wo o. Wole alakpaŋutega, afakaka, trɔ̃subɔsubɔ kple beble siwo woƒe susuwo gblɔ na wo la gblɔm.


Vi lɔlɔ̃awo, míege ɖe gaƒoƒo mamlɛatɔ me: eye abe ale si miese xoxo be Kristo ƒe futɔ la gbɔna vava ge ene la, fifi laa la, Kristo ƒe futɔ geɖewo va ɖo xoxo. Esiae na be míenya be gaƒoƒo alo ɣeyiɣi mamlɛtɔ ɖo.


“Mese nu si gblɔm nyagblɔɖilawo le, ame siwo gblɔ aʋatsonyagblɔɖi le nye ŋkɔ me. Wogblɔ be, ‘Meku drɔ̃e aɖe! Meku drɔ̃e aɖe.’


Meva le Fofonye ƒe ŋkɔ me, eye miexɔm o; gake ne ame aɖe va le eya ŋutɔ ƒe ŋkɔ me la, miaxɔe.


Anyigbadzitɔwo katã asubɔ lã wɔadã la, ame siwo ƒe ŋkɔwo womeŋlɔ ɖe Alẽvi si wowu tso xexea me ƒe gɔmedzedze ke la ƒe agbegbalẽ la me o.


Nyemedɔ nyagblɔɖila siawo o, gake wole du dzi kple woawo ŋutɔwo ƒe gbedeasi. Nyemeƒo nu kpli wo o, evɔ wogblɔ nya ɖi.


“Ale Yehowa gblɔe nye esi: Migable mia ɖokuiwo, asusu be, ‘Babiloniatɔwo aɖe asi le yewo ŋuti o.’ Womaɖe asi o!


Esia ta megblɔ na mi be miaku ɖe miaƒe nu vɔ̃wo me ɖo. Le nyateƒe me la, ne miexɔ dzinye se be nyee nye ame si le vava ge o la, miaku ɖe miaƒe nu vɔ̃wo me.”


Ale Yesu gagblɔ na wo be, “Ne miekɔ Amegbetɔ Vi la ɖe dzi la, ekema mianya be, nyee nye ame si megblɔ be menye la, eye nyemewɔa naneke le ɖokuinye si o, ke boŋ nya siwo Fofo la fiam be magblɔ la.


Ame kae nye aʋatsokala la? Ame si gblɔ be menye Yesue nye Kristo o lae. Ame siae nye Yesu ƒe futɔ si gbea nu le Fofo la kple Vi la gbɔ.


Ke Gbɔgbɔ ɖe sia ɖe si meɖea gbeƒã Yesu Kristo o la metso Mawu gbɔ o. Esiae nye Kristo ƒe futɔ ƒe gbɔgbɔ si mese be egbɔna eye fifia gɔ̃ hã la ele xexea me xoxo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite