Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 24:39 - Agbenya La

39 eye womenya nu si gbɔna dzɔdzɔ ge o va se ɖe esime tsiɖɔɖɔ la va, eye wòkplɔ wo katã dzoe. Nenema wòanɔ le Amegbetɔ Vi la ƒe vavaɣi.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

39 eye womedze sii o, vaseɖe, esime tɔɖɔɖɔ va, eye wòkplɔ wo katã yii ta, nenema ke lanye Amegbetɔvi la ƒe vava.

Gade chapit la Kopi




Mateo 24:39
18 Referans Kwoze  

Wolé fu Kekeli si tso dziƒo va la, elabena wodi vevie be yewoawɔ nu vɔ̃ le viviti me. Wote ɖa xaa tso Kekeli la gbɔ, elabena wovɔ̃ be yewoƒe nu vɔ̃wo adze le gaglãgbe.


“Abe ale si wòdzɔ le Noa ŋɔli ene la, nenema wòanɔ le Amegbetɔ Vi la ƒe vava ɣeyiɣi me.


Wogblɔe be, “ ‘Mi ame siwo doa vlo nyateƒe la, mike ŋku ɖi miakpɔ nu ʋuu va se ɖe esime miatsrɔ̃. Mele nane wɔ ge le wò ŋkekewo me esi ne wogblɔe na wò la màxɔe ase o.’ ”


Ke woɖoe koŋ heŋlɔ be be gbe aɖe gbe ʋĩi ke wotsɔ Mawu ƒe nya wɔ dziƒo, eye wowɔ anyigba tso tsi me kple tsi.


Ame dzɔdzɔewo tsɔa ɖe le afiatsotso na hiãtɔwo me gake ame vɔ̃ɖiwo ya metsɔa ɖeke le eme o.


Ne ègblɔ be, “Míenya naneke tso nu sia ŋuti o” la, ɖe ame si daa dziwo kpɔ la menyae oa? Ɖe wòle nyanya na ame si kpɔa wò agbe ta? Ɖe maɖo eteƒe na ame sia ame ɖe nu si wòwɔ la nu oa?


eye woaxlã wò kple viwò siwo le mewò la ɖe anyi, eye womele kpe gblẽ ge ɖe kpe dzi le mewò o, elabena ègbe mɔnukpɔkpɔ si Mawu na wò be nàdzudzɔ nu vɔ̃ la.”


Eya ta wòtrɔ eƒe dɔmedzoe helĩhelĩ la kple aʋawɔwɔ ƒe nu vlowo kɔ ɖe wo dzi. Ena dzo bi ƒo xlã wo, gake womese egɔme o. Dzo la fia wo, gake mede dzi gbɔ na wo o.


Àgblɔ be, “Woxlã nu ɖem gake nyemexɔ abi o! Woƒom gake mevem o! Ɣe ka ɣi gɔ̃ manyɔ ne magadi ahayomemɔ?”


eye wokplɔ Benyamin ƒe to la ɖo to megbe, le esime Benyamin ƒe to la menya kura be aʋa si yewo to megbe o.


Gawu la, esi wosusui be mehiã be woalé sidzedze Mawu me ɖe asi o ta la, Mawu ɖe asi le woƒe susu ŋu na bometsitsi be woawɔ nu si mele be woawɔ o.


Anyigbadzinu gbagbewo katã, amegbetɔwo kple lãwo siaa, nu gbagbe siwo tana kple xeviwo katã ƒe agbe nu tso. Mawu tsrɔ̃ wo katã, negbe Noa kple ame siwo nɔ egbɔ le aɖakaʋu la me kple nu bubu siwo nɔ wo gbɔ le aɖakaʋu la me ko tsi agbe.


Nye Amegbetɔ Vi la mava kple nye dɔlawo le Fofonye ƒe ŋutikɔkɔe me, eye madrɔ̃ ʋɔnu ame sia ame ɖe eƒe nuwɔnawo nu.


Azɔ edzo yi ɖanɔ Amito la dzi. Nusrɔ̃lawo va egbɔ va biae be, “Aƒetɔ, ɣe ka ɣi nu siawo katã ava eme? Dzesi kawoe afia wò vava zi evelia kple xexea me ƒe nuwuwu?”


“Le ɣe ma ɣi me la, Amegbetɔ Vi la ƒe dzesi ado ɖe dziŋgɔli me, eye anyigbadzidukɔwo katã afa konyi. Tete woakpɔ Amegbetɔ Vi la wòanɔ lilikpo dzi aɖiɖi gbɔna le ŋusẽ kple ŋutikɔkɔe gã aɖe me,


“Ame eve anɔ agble me anɔ dɔ wɔm, woava akplɔ ɖeka adzoe agblẽ ɖeka ɖi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite