Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 24:36 - Agbenya La

36 Ke hã la, ame aɖeke menya ŋkeke alo gaƒoƒo si tututu nu siawo ava eme o. Mawudɔla siwo le dziƒo hã menya o, Nye, Vi la gɔ̃ hã nyemenya o, negbe Fofo la ko.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

36 Ke le ŋkeke ma kple gaƒoƒo ma ŋuti la, amea ɖeke menyae o; mawudɔla, siwo le dziƒowo, kple Vi la hã menyae o, negbe Fofonye ɖeka ko.

Gade chapit la Kopi




Mateo 24:36
10 Referans Kwoze  

“Ke hã la, ame aɖeke menya ŋkeke alo gaƒoƒo si tututu nu siawo ava eme o. Mawudɔla siwo le dziƒo hã menya o, Nye, Vi la gɔ̃ hã nyemenya o, negbe Fofo la ko.


Yesu ɖo eŋu na wo be, “Fofo la ŋutɔe ɖo ŋkeke na nu siawo tɔgbi le eƒe ŋusẽ me, eye mehiã be miawo mianya ɣeyiɣi la kple ŋkeke la o.


Eya ta minɔ ŋudzɔ ɣeawo katã ɣi elabena, Nye, Amegbetɔ Vi la, mava le gaƒoƒo si me ame aɖeke manɔ mɔ kpɔm nam o.


Ke Aƒetɔ ƒe ŋkeke la ava abe fiafitɔ ene. Dziƒowo nu ava yi kple gbeɖeɖe gã aɖe, woatsrɔ̃ gɔmeɖonuwo kple dzo, eye anyigba kple edzinuwo katã abi keŋkeŋ.


elabena mienya nyuie be ame aɖeke menya ɣeyiɣi la o. Aƒetɔ la ƒe azãgbe la aɖi ɖe mí abe ale si fiafitɔ vana le zã me ene.


“Kpɔ ɖa, megbɔna abe fiafitɔ ene! Woayra ame si le ŋudzɔ, eye wògale eƒe awuwo me la, be masi adzo amamae, eye wòaɖe eƒe ŋukpeƒe ɖe go o.”


“Eya ta minɔ ŋudzɔ, elabena mienya gbe si gbe miaƒe Aƒetɔ la ava o.


“Eya ta minɔ ŋudzɔ, eye miadzra ɖo, elabena mienya ŋkeke alo gaƒoƒo si dzi matrɔ ava o.


eya ta ɖo ŋku nu si nèxɔ, eye nèse la dzi; wɔ edzi, eye nàtrɔ dzi me. Ke ne mènyɔ o la, mava gbɔwò abe fiafitɔ ene, eye mànya ga si me mava gbɔwò o.


Anye ŋkeke tɔxɛ, elabena ŋkeke alo zã manɔ anyi o. Yehowa koe nya ŋkeke sia. Ne zã do la, kekeli ava.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite