Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 24:29 - Agbenya La

29 “Le xaxaŋkeke mawo megbe teti ko la, “ ‘Ɣe ado viviti, eye ɣleti hã magaɖi o, ɣletiviwo age tso dziƒo, eye ŋusẽ siwo le dziƒo la aʋuʋu.’

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

29 Ke enumake le ŋkeke mawo ƒe xaxa megbe la ɣe la ado viviti, eye ɣleti megale ɖiɖi ge o, ɣletiviwo lage tso dziƒo, eye dziƒowo ƒe ŋusẽwo aʋuʋu.

Gade chapit la Kopi




Mateo 24:29
21 Referans Kwoze  

Aƒetɔ Yehowa be, “Gbe ma gbe la, mana ɣe naɖo to le ŋdɔkutsu, eye viviti nado ɖe anyigba dzi le ŋkeke me.


Ɣe kple ɣleti ado viviti eye ɣletiviwo magaklẽ o.


Ɣletivi hamehame siwo le dziŋgɔli ŋu la magaklẽ o, ne ɣe dze la, ado viviti, eye dzinu magaɖi o.


Ŋu akpe ɣe, eye ɣleti ƒe mo awɔ yaa, elabena Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, aɖu fia le ŋutikɔkɔe me le Zion to la dzi kple Yerusalem le eƒe dumegãwo ŋkume.


Ke Aƒetɔ ƒe ŋkeke la ava abe fiafitɔ ene. Dziƒowo nu ava yi kple gbeɖeɖe gã aɖe, woatsrɔ̃ gɔmeɖonuwo kple dzo, eye anyigba kple edzinuwo katã abi keŋkeŋ.


Ɣletivi siwo katã le dziŋgɔli ŋu la alolo, eye woaŋlɔ dziŋgɔli abe lãgbalẽ ene. Dziƒoŋunuwo katã age adze anyi abe ale si aŋgbawo dudunae le wainka ŋu alo abe ale si aŋgba yrɔna hegena le gboti dzi ene.


Mawudɔla enelia ku eƒe kpẽ la. Tete wòtsɔ nu xe ɣe, ɣleti kple ɣletiviwo ƒe mama etɔ̃ ƒe ɖeka ŋkume, eye viviti do. Ale ŋkeke ƒe mama etɔ̃ ƒe ɖeka mekpɔ kekeli o, eye nenema ke zã ƒe mama etɔ̃ ƒe ɖeka hã mekpɔ kekeli o.


Anyigba ʋuʋu kpekpekpe eye dziƒo dzo nyanyanya le wo ŋgɔ. Ɣe kple ɣleti do viviti eye ɣletiviwo megaklẽ o.


Ɖe Yehowa ƒe ŋkeke la menye viviti, eye menye kekeli oa? Ɖe menye blukɔe wònye, eye keklẽ mele eme oa?


Le ɣe ma ɣi me la, xaxa si ƒomevi medzɔ kpɔ tso xexea me ƒe gɔmedzedze va se ɖe fifia o, eye magadzɔ kpɔ o la anɔ anyi.


Ke esiawo katã anye nu siwo do ŋgɔ na fukpekpe gã siwo le vava ge la ko.


Ɖo ŋku wò Wɔla dzi hafi ɣe, kekeli, ɣleti kple ɣletiviwo nado viviti, eye lilikpowo natrɔ agbɔ le tsidzadza megbe,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite