Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 24:27 - Agbenya La

27 Abe ale si dzi kea dzo le ɣedzeƒe wokpɔnɛ le ɣetoɖoƒe ene la, nenema ke Nye Amegbetɔ Vi la ƒe vava anɔ.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

27 Elabena alesi dzi kea dzo le ɣedzeƒe, eye wòklẽna ɖe ɣetoɖoƒee la, nenema ke lanye Amegbetɔvi la ƒe vava.

Gade chapit la Kopi




Mateo 24:27
18 Referans Kwoze  

Woagblɔ be, “Afi ka eƒe ‘vava’ ƒe ŋugbedodo la le? Elabena tso ɣe aɖe ɣi ke, esi mía fofowo ku la, nu sia nu le edzi yim abe ale si wònɔ le gɔmedzedzea me ene.”


Alea ke wòle be miawo hã miagbɔ dzi ɖi, eye mianɔ tsitre sesĩe elabena Aƒetɔ la ƒe vava ɖo vɔ.


“Ame ka ado dzi anɔ anyi ne eva do? Ame ka anɔ te ɖe eƒe vava nu? Elabena ele abe dzo si wotsɔna loloa ga ene eye wòle abe adzalẽ si wotsɔna nyaa avɔ wòɖina keŋkeŋ la ene!


Yehowa ava do ɖe wo dzi kpoyi, eye eƒe aŋutrɔwo anɔ bibim abe dzikedzo ene. Aƒetɔ Yehowa aku kpẽ azɔ le anyigbeme ƒe ahomwo me,


eye womenya nu si gbɔna dzɔdzɔ ge o va se ɖe esime tsiɖɔɖɔ la va, eye wòkplɔ wo katã dzoe. Nenema wòanɔ le Amegbetɔ Vi la ƒe vavaɣi.


“Abe ale si wòdzɔ le Noa ŋɔli ene la, nenema wòanɔ le Amegbetɔ Vi la ƒe vava ɣeyiɣi me.


“Vavã mele egblɔm na mi bena, mi ame siwo le tsitre le afi sia la dometɔ aɖewo anɔ agbe, akpɔm mava kple nye mawufiaɖuƒe la.”


“Kpɔ ɖa, maɖo Nyagblɔɖila Eliya ɖe mi hafi Yehowa ƒe ʋɔnudrɔ̃ŋkeke gã dziŋɔ la naɖo.


Yehowa ana be amewo nase eƒe gãnyenye ƒe gbe, eye wòana woakpɔ eƒe alɔ wòaɖiɖi ɖe anyi kple dɔmedzoe helĩhelĩ, dzo si biaa nu, ahomya, tsidzadza sesẽ kple tsikpe.


Eɖe asi le eƒe dzokeke ŋu ɖe yame katã eye wòɖoe ɖe anyigba ƒe mlɔenu ke hã


Azɔ edzo yi ɖanɔ Amito la dzi. Nusrɔ̃lawo va egbɔ va biae be, “Aƒetɔ, ɣe ka ɣi nu siawo katã ava eme? Dzesi kawoe afia wò vava zi evelia kple xexea me ƒe nuwuwu?”


Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Abeiwo la, do le wo si wodɔa eme, xeviwo la, atɔ le wo si wodɔa eme, gake Amegbetɔ Vi la mekpɔ afi si wòatsɔ ta aziɔ ɖo o.”


Wòe ɖo dzikedzo ɖe eƒe mɔ dzia? Ɖe wova gblɔna na wò be, ‘Míawoe nye esi’ mahã?


Nu gbagbeawo nɔa du dzi, yia megbe, yia ŋgɔgbe abe dzikedzo ene.


Nye Amegbetɔ Vi la mava kple nye dɔlawo le Fofonye ƒe ŋutikɔkɔe me, eye madrɔ̃ ʋɔnu ame sia ame ɖe eƒe nuwɔnawo nu.


“Eya ta ne ame aɖe gblɔ na mi be, ‘Ele gbedzi afi aɖe la,’ migaɖe fu na mia ɖokuiwo be yewoayi aɖakpɔe ɖa o. Alo ne ame aɖe be, ‘Ebe ɖe xɔ gã me la,’ migaxɔe se o!


Eya ta minɔ ŋudzɔ ɣeawo katã ɣi elabena, Nye, Amegbetɔ Vi la, mava le gaƒoƒo si me ame aɖeke manɔ mɔ kpɔm nam o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite