Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 24:22 - Agbenya La

22 “Le nyateƒe me la, ne womeɖe le nenem ŋkekeawo dzi o la, amegbetɔƒome la katã atsrɔ̃. Ke meka ɖe edzi na mi be le Mawu ƒe ame tiatiawo ta la, woato ŋkeke siawo ɖe eme.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

22 Eye ne womeɖe ŋkeke mawo dzi o la, ekema ŋutilãa ɖeke makpɔ ɖeɖe o; ke le ame tiatiawo ta woaɖe ŋkeke mawo dzi.

Gade chapit la Kopi




Mateo 24:22
13 Referans Kwoze  

Nenye Mawu ɖe meto ŋkeke vɔ̃ɖi siawo ɖe eme o la, anye ne ame ɖeka pɛ teti hã masusɔ ɖe anyigba dzi o. Gake le eya ŋutɔ ƒe ame tiatiawo ta la, eto ŋkekeawo ɖe eme.


Eya ta mekpe fu sia fu ɖe ame tiatiawo ta be woawo hã woakpɔ ɖeɖe si le Kristo Yesu me kpe ɖe ŋutikɔkɔe mavɔ ŋu.


eye wòadɔ eƒe dɔlawo kple kpẽ ƒe ɖiɖi sesĩe, eye woayi aɖaƒo ame titiawo nu ƒu tso ya eneawo dzi, tso dziƒo ƒe dzogoe ɖeka dzi yi bubu dzi.


elabena aʋatsokristotɔwo kple aʋatsonyagblɔɖilawo ava do, eye woawɔ nukunu gãwo siwo dzi Mawu ƒe ame tiatiawo gɔ̃ hã ate ŋu axɔ ase.


Ke esi mekpɔ dzi evenɔviawo o, eye womewɔ nyui alo vɔ̃ o hã, bena Mawu ƒe tameɖoɖo ɖi nanɔ eteƒe le tatia la nu,


“Elabena woyɔ ame geɖewo, ke ame ʋɛ aɖewo koe nye ame siwo wotia.”


Miebu be Mawu matso afia na eƒe ame tiatia siwo le kuku ɖem nɛ zã kple keli la oa? Ɖe magbɔ dzi ɖi na wo oa?


Maƒo dukɔwo katã nu ƒu be woava awɔ avu kple Yerusalem, woaxɔ du la, woalɔ aƒewo katã ƒioƒioƒio, eye woalé nyɔnuwo sesẽtɔe adɔ kpli wo. Woakplɔ du la ƒe afã ayi aboyo mee, gake ame mamlɛawo atsi dua me.


le anyigba blibo la dzi.” Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe. “Woaxlã nu ɖe akpa etɔ̃awo ƒe eve woaku, eye akpa etɔ̃awo ƒe ɖeka atsi afi ma.


Togbɔ be ameawo ƒe akpa ewoliawo dometɔ ɖeka asusɔ ɖe anyigba dzi hã la, woagana wòazu gbegbe, gake abe ale si ne wolã logoti kple gboti, takpoawo susɔna ene la, nenema ke atiku kɔkɔe la azu atitakpo ɖe anyigba la dzi.”


Nye, Petro, Yesu Kristo ƒe apostolo gbɔe agbalẽ sia tso, Na Mawu ƒe ame tiatia siwo nye amedzrowo le xexea me, ame siwo kaka ɖe Ponto, Galatia, Kapadokia, Asia kple Bitinia nutowo me,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite