Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 23:34 - Agbenya La

34 Eya ta mele nyagblɔɖilawo, nunyalawo kple nufiala siwo me Gbɔgbɔ la yɔ fũu la hã ɖom ɖe mi, ke miawo la, miawu wo dometɔ aɖewo alo aklã wo ɖe atitsoga ŋu, miaƒo ɖewo le miaƒe ƒuƒoƒewo, eye miati geɖewo hã ƒe agbe yome tso afii yi afi mɛ.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

34 Eyaŋuti kpɔ ɖa, mele nyagblɔɖilawo, nunyalawo kple agbalẽfialawo dɔm ɖe mia gbɔ; miawu wo dometɔa ɖewo, eye miahe wo ɖe ati ŋuti, miaƒo wo dometɔa ɖewo kple atam le miaƒe ƒuƒoƒewo, eye miati wo yome tso du me yi du me,

Gade chapit la Kopi




Mateo 23:34
36 Referans Kwoze  

Ale wòɖo eŋu na wo be, “Eya ta sefiala ɖe sia ɖe si wofia nui tso dziƒofiaɖuƒe la ŋuti la le abe aƒetɔ aɖe si ɖe eƒe kesinɔnu yeye kple xoxoa siaa do goe tso eƒe nudzraɖoƒe la ene.”


Eya ta afi sia afi si míeyina la, míeƒoa nu tso Kristo ŋuti na ame siwo katã le klalo be yewoaɖo to mí la. Míefiaa nu wo, eye míexlɔ̃a nu wo vevie abe ale si míate ŋui ene. Míedina be míakplɔ ame sia ame ayi Mawu ƒe ŋkume fɔɖiɖimanɔŋui, ɖe dɔ si Kristo wɔ na wo dometɔ ɖe sia ɖe la ta.


Nyagblɔɖila kple nufiala aɖewo nɔ Antioxia Hame la me ɣe ma ɣi, eye wo dometɔ aɖewoe nye Barnabas kple Simeon si wogayɔna be Niga, Lukio tso Kirene, Manain (si nye Fia Herodes nɔvi) kple Saulo.


“Nenye be woti mia yome le du aɖe me la, misi yi du bubu me! Vavã mele egblɔm na mi bena, nye Amegbetɔ Vi, matrɔ agbɔ hafi miawu tsatsa le Israel duwo katã me nu.


Anyigbadzinɔlawo akpɔ dzidzɔ le wo ŋuti, eye woaɖu azã, aɖo nunanawo ɖe wo nɔewo, elabena nyagblɔɖila eve siawo wɔ funyafunya ame siwo le anyigba dzi la.


Woƒu kpe wo, wodze wo kple laxalaxa ɖe eve, eye wowu wo kple yi. Wonɔ yiyim le alẽgbalẽwuwo kple gbɔ̃gbalẽwuwo me le ahedada gã aɖe me. Woti wo yome, eye wosẽ ŋuta le wo ŋu,


Le Mawu ƒe amenuveve si wònam ta la, meɖo gɔmeɖokpe abe xɔtula aɖaŋutɔ ene, eye ame bubu va le etum ɖe edzi. Ke ele na ame sia ame be wòakpɔ nyuie tso ale si wòtui la ŋuti.


Ke ne mele kristotɔ siwo de ŋgɔ le gbɔgbɔ me la dome la, meƒoa nu na wo kple nunya tɔxɛ. Ke hã la, nyemewɔa xexe sia me nunya ŋu dɔ o, eye nyemegblɔa nya siwo ƒomevi asɔ to me na ame ŋkuta siwo le xexea me, ame siwo le tsɔtsrɔ̃ ge abe ale si Mawu ɖoe anyi ene o.


Hekpe ɖe agbalẽa ŋu la, Yuda kple Silas, ame siwo hã nye nyagblɔɖilawo la gaƒo nu geɖe na hame la hedo ŋusẽ woƒe xɔse.


Ke le ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la, Yudatɔ aɖewo gatso Antioxia kple Ikonio va do ɖe Listra, eye wogade ʋunyaʋunya dua me tɔwo me ɖe Paulo ŋu. Amehawo ho ɖe Paulo ŋu, ƒu kpee va se ɖe esime wòku ƒenyi, eye wohee do goe le dua me, elabena wobu be eku.


Ale wòwu Yakobo, Yohanes nɔvi la kple yi.


Le ɣeyiɣi sia me tututu la, Nyagblɔɖila aɖewo tso Yerusalem va Antioxia.


Takpekpea me nɔlawo xɔ Gamaliel ƒe aɖaŋu sia ale woyɔ apostoloawo vɛ, eye woƒo wo. Emegbe la, wode se na wo be womegagblɔ nya aɖeke le Yesu ƒe ŋkɔ me gbeɖe o, eye woɖe asi le wo ŋu.


Gake miaxɔ ŋusẽ ne Gbɔgbɔ Kɔkɔe la va mia dzi, eye mianye nye ɖaseɖilawo le Yerusalem, Yudea kple Samaria nutomewo katã kple xexea me ƒe seƒe ke.”


Yesu gagblɔ na wo be, “Ŋutifafa na mi. Abe ale si Fofo la dɔm ene la, nenema nye hã mele mia dɔm.”


Woaɖe mi le woƒe hame, eye le nyateƒe me la, ɣeyiɣi aɖe gbɔna la, ne ame aɖe wu mi hã la, asusu be Mawu ƒe dɔ wɔm yele.


Eye ele be woaɖe gbeƒã dzimetɔtrɔ hena nu vɔ̃wo tsɔtsɔke le eƒe ŋkɔa dzi na dukɔwo katã, eye woadze egɔme tso Yerusalem.


Ame dzɔdzɔe ƒe kutsetse nye agbeti, eye ame si ɖea luʋɔwo la, nunyalae.


eye wole agbagba dzem be woaxe mɔ na mí ne míagagblɔ nya la na ame siwo menye Yudatɔwo o, ɖe vɔvɔ̃ be wo dometɔ aɖewo akpɔ ɖeɖe ta. Ale ame siawo ƒe nu vɔ̃wo gale tsitsim ɖe edzi. Mlɔeba la, Mawu ƒe dziku va wo dzi azɔ.


Tete wobla ɖe eŋu eye woƒu kpee le Yehowa ƒe gbedoxɔ ƒe xɔxɔnu, le fia la ƒe sedede nu.


Kaka Yeremia nawu nya siwo katã Yehowa gblɔ nɛ be wòagblɔ nu la, nunɔlawo, nyagblɔɖilawo kple ame siwo le afi ma la dze Yeremia dzi kpli, helée eye wogblɔ nɛ be, “Èdze na ku!


Le esia teƒe boŋ la, fia la ɖe gbe be Yerameel, via ŋutsuwo dometɔ ɖeka, Seraya, Azriel ƒe vi kple Selemia, Abdeel ƒe vi, woayi aɖalé Baruk, agbalẽŋlɔla kple Yeremia, nyagblɔɖila la vɛ, ke Yehowa tsɔ wo ɣla.


Ale mieɖi ɖase le miawo ŋutɔ ɖokui ŋu be, mienye ame siwo wu nyagblɔɖilawo ƒe dzidzimeviwo.


Yehowa ƒo nu to eƒe nyagblɔɖilawo dzi na ameawo be,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite