Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 23:27 - Agbenya La

27 “Baba na mi, mi Sefialawo kple Farisitɔwo, mi alakpanuwɔlawo! Ɖeko miele abe yɔdokpe siwo wosi akalo na la ene, esiwo dzena le gota nyuie, ke wo me yɔ fũu kple ame kukuwo ƒe ƒuwo kple nu makɔmakɔ bubuwo.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

27 Baba na mi, agbalẽfialawo kple farisitɔwo, alakpatɔwo; elabena mieɖi yɔdo, siwo ŋuti wòsi akalo ɖo, eye wole dzedzem nyuie la, ke wo me yɔ fũ kple ame kukuwo ƒe ƒuwo kpakple ɖiƒoƒo katã.

Gade chapit la Kopi




Mateo 23:27
7 Referans Kwoze  

Paulo gblɔ nɛ be, “Mawu aƒo wò hã, wò ame si le abe gli si wosi akalo na ene. Ènɔ zi dzi be nadrɔ̃ ʋɔnum ɖe se la nu, ke wò ŋutɔ nèda sea dzi, ɖe gbe be woaƒo alɔgbɔ nam!”


“Babaa na mi. Ɖeko miele abe yɔdo siwo dzi gbe vu tsyɔ̃ ene. Amewo va toa mia dzi, eye womenyaa nu dziŋɔ si dzi zɔm wole o.”


“Ne ame aɖe le gbedzi, eye wòka asi ame si wowu le aʋa me alo ame si ku le mɔ bubu aɖe nu ƒe kukua ŋuti alo ka asi ame kuku aɖe ƒe ƒu alo yɔdo ŋu la, eŋuti mekɔ o ŋkeke adre.


Abe ale si wofaa sikatsi ɖe anyikplu ŋu ene la, nenema nuyi xɔdzo si ŋu dzi vɔ̃ɖi kpe ɖo la le.


Miawo hã, nenema kee miedze le gota le amewo gbɔ abe ame dzɔdzɔewo ene, gake mia me yɔ fũu kple alakpanuwɔwɔ kple vɔ̃ɖivɔ̃ɖi.


Ame siwo le didim be yewoadze amewo ŋu le ŋutilã me la le agbagba dzem be yewoazi mia dzi woatso aʋa na mi, le susu ɖeka sia ko ta be womagati yewo yome ɖe Kristo ƒe atitsoga la ta o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite