Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 22:8 - Agbenya La

8 Esia megbe la fia la gblɔ na eƒe dɔlawo be, ‘Nu sia nu sɔ gbe na ŋkeke la ɖuɖu, gake ame siwo mekpe la medze na bubu si mede wo ŋu o,

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Tete wògblɔ na eƒe dɔlawo bena: Srɔ̃ɖenuawo sɔ gbe; gake amesiwo wokpe lã, womedze o.

Gade chapit la Kopi




Mateo 22:8
11 Referans Kwoze  

Ke hã la, ame ʋɛ aɖewo le asiwò le Sardis, ame siwo meƒo ɖi woƒe awuwo o. Woazɔ kplim, eye woanɔ awu ɣiwo me, elabena wodze nɛ.


Esia nye Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe la ƒe dzesi be woabu mi be miedze na mawufiaɖuƒe si ŋuti miekpe fu ɖo la.


Ke Paulo kple Barnabas wogblɔ kple dzideƒo na wo be, “Edze be woagblɔ Mawu ƒe nya na mi Yudatɔwo gbã, gake esi mieɖi gbɔ̃ nyanyui la, eye miebu mia ɖokui be yewomedze na agbe mavɔ la o la, fifia míatsɔe ayi na ame siwo menye Yudatɔwo o boŋ.


“Woayra ame siwo nya woƒe awu ʋlayawo be woakpɔ mɔ ayi ɖe agbeti la gbɔ, eye be woato agboawo nu age ɖe du la me.


Minɔ ŋudzɔ ɖaa, eye miado gbe ɖa be ne edze Mawu ŋu la, miagakpɔ nu dziŋɔ siawo dometɔ aɖeke teƒe hafi miatsi tsitre ɖe Amegbetɔ Vi la ŋkume o.”


Gake ame siwo dze be woƒe asi nasu xexe kemɛ kple fɔfɔ ɖe tsitre yi dziƒo la, womaɖe srɔ̃ o, eye womatsɔ wo ana be woaɖe hã o.


Yesu hã bia wo be, “Ɖe wòle be ŋugbetɔsrɔ̃ la xɔlɔ̃wo nanɔ konyi fam, atsi nu adɔ le esime wòle wo gbɔa? Ɣeyiɣi li gbɔna esime woakplɔe adzoe le wo gbɔ, eye le ɣe ma ɣi me la, woagbe nuɖuɖu atsi nu adɔ.


“Fia la do dɔmedzoe, ale wòdɔ eƒe asrafowo woyi ɖawu hlɔ̃dola siawo, eye wotɔ dzo woƒe du la wòbi keŋ.


eya ta miyi mɔtatawo dzi kple ablɔwo ƒe dzogoewo me, eye ame sia ame si miakpɔ ko la, mikpee va kplɔ̃ la ŋuti.’


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite