Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 22:7 - Agbenya La

7 “Fia la do dɔmedzoe, ale wòdɔ eƒe asrafowo woyi ɖawu hlɔ̃dola siawo, eye wotɔ dzo woƒe du la wòbi keŋ.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Ke fia la do dɔmedzoe, eye wòdɔ eƒe aʋakɔwo, eye woyi ɖagblẽ nenem hlɔ̃dola mawo, eye wòtɔ dzo woƒe du.

Gade chapit la Kopi




Mateo 22:7
18 Referans Kwoze  

Azɔ le nye futɔ siwo tsi tsitre ɖe ŋunye, eye womedi be maɖu fia ɖe yewo dzi o la, mikplɔ wo va ŋkunyemee ne miatso ta le wo nu.’ ”


Woawu wo tamesesẽtɔe alo woaɖe aboyo wo ayi xexemedukɔ bubuwo mee. Ame siwo menye Yudatɔwo o la aɖu Yerusalem dua dzi agbãe gudugudu. Esia ayi dzi va se ɖe esime wòdze Mawu ŋu be wòaɖo asi ame siwo menye Yudatɔ siawo o dzi.”


eye wole agbagba dzem be woaxe mɔ na mí ne míagagblɔ nya la na ame siwo menye Yudatɔwo o, ɖe vɔvɔ̃ be wo dometɔ aɖewo akpɔ ɖeɖe ta. Ale ame siawo ƒe nu vɔ̃wo gale tsitsim ɖe edzi. Mlɔeba la, Mawu ƒe dziku va wo dzi azɔ.


Ekema mina ame siwo le Yudea la nasi ayi togbɛwo dzi, eye ame siwo le Yerusalem la nadze agbagba asi. Ke ame siwo le dua godo la megate kpɔ be yewoatrɔ ayi dua me o.


maƒo dukɔwo nu ƒu ɖe Yehosafat ƒe Balime eye madrɔ̃ ʋɔnu wo le afi ma le nye amewo kple nye domenyinu Israel ta, elabena wokaka nye domenyinu la ɖe dukɔwo dome eye woma nye anyigba.


“Magaɖo ƒe siwo ʋetsuviwo, ʋetrawo, abɔwo kple ŋɔwo ɖu nu la teƒe na mi. Woawoe nye nye aʋakɔ gã si medɔ ɖe mia ŋu.


Yehowa ŋutɔ le eƒe aʋakɔ la ŋgɔ le gbe ɖem. Esiae nye eƒe aʋakɔ gã la eye ame siwo le eƒe gbeɖeɖe dzi wɔm la nye ame sesẽwo. Yehowa ƒe ŋkeke la anye ŋkeke gã, ŋɔdzi kple vɔvɔ̃ anɔ eŋu. Ame kae ate ŋu anɔ te ɖe enu?


Le kɔsiɖa blaade-vɔ-eveawo megbe la, woaɖe Amesiamina la ɖa eye naneke manɔ esi o. Dziɖula si ava la ƒe amewo agbã du la kple kɔkɔeƒe la. Nuwuwu la ava abe tsiɖɔɖɔ ene. Aʋawɔwɔ ayi edzi va se ɖe nuwuwu la eye woaɖe mɔ le aƒedozuzu ŋuti.


Ke ɖewo do dɔmedzoe ɖe dɔlawo ŋu, ƒo wo vevie, eye woɖi gbɔ̃ ɖewo gɔ̃ hã.


Esia megbe la fia la gblɔ na eƒe dɔlawo be, ‘Nu sia nu sɔ gbe na ŋkeke la ɖuɖu, gake ame siwo mekpe la medze na bubu si mede wo ŋu o,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite