Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 22:45 - Agbenya La

45 Esime David yɔ Kristo la be, ‘Aƒetɔ’ ɖe, aleke wɔ wòganye via?”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

45 Azɔ ne Dawid yɔe be Aƒetɔ la, aleke wɔ wònye via mahã?

Gade chapit la Kopi




Mateo 22:45
9 Referans Kwoze  

“Nye, Yesue dɔ nye mawudɔla be wòatsɔ ɖaseɖiɖi siawo na wò hena hameawo. Nyee nye Ke tso David me kple eƒe dzidzimevi. Nyee nye Ŋukeɣletivi Keklẽ la.”


Yesu ɖo eŋu na wo be, “Nyateƒe gblɔm mele na mi be meli hafi wodzi Abraham.”


Esi ɖeviawo nye ŋutilã kple ʋu ta la, eya hã kpɔ gome le woƒe amenyenye me, ale be to eƒe ku me wòatsrɔ̃ ame si si ku ƒe ŋusẽ le, ame si nye Abosam,


Enye nyateƒe be mawumegbenɔnɔ mele bɔbɔe o, gake ele bɔbɔe le Kristo ta, ame si va anyigba dzi abe ame ene. Ɖiƒoƒo aɖeke menɔ eŋuti o, eye wòdza le eƒe gbɔgbɔ me. Mawudɔlawo kpɔe, eye wogblɔ mawunya tso eŋuti le dukɔwo dome. Amewo xɔ edzi se le afi sia afi si wòyi, eye wogaxɔe ɖe eƒe ŋutikɔkɔe me le dziƒo.


Wonye fofoawo ƒe dzidzimeviwo, dzidzime siwo me Kristo dzɔ tso le ŋutilã nu, ame si nye Mawu ɖe nuwo katã dzi, ame si wokafuna tegbee la! Amen.


“ ‘Mawu gblɔ na nye Aƒetɔ be: “Nɔ anyi ɖe nye nuɖusime va se ɖe esime matsɔ wò ketɔwo ade wò afɔ te.” ’


Nyateƒe, biabia la lolo wu wo, ale womete ŋu ɖo eŋuti o. Esia megbe la, ame aɖeke medo dzi gabia nya aɖekee o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite