Ke nya si woŋlɔ ɖi bena: “Mègawɔ ahasi o,” “Mègawu ame o,” “Mègafi fi o,” “Mègabiã ŋu o,” eye ne se bubu aɖe gali si ƒo esiawo ta la, ekema eyae nye: “Lɔ̃ hawòvi abe ɖokuiwò ene.”
Le nu sia nu me la, nu siwo ke miedina be amewo nawɔ na mi la, miwɔ nu mawo ke na ame bubuwo hã, elabena esiae nye Se la kple Nyagblɔɖilawo ƒe nufiafia ƒe taƒonya.
Nu si metsi dzi na vevie lae nye be kristotɔ siwo katã le afi ma la nayɔ fũu kple lɔlɔ̃ si tso dzi vavãwo kple dzitsinya nyui me, eye woasẽ ŋu le xɔse me.