Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 22:12 - Agbenya La

12 “Fia la biae be, ‘Xɔ̃nye, aleke wɔ mèdo srɔ̃ɖewu hafi va afi sia o?’ Ke ŋutsu la ƒe nu tsi te, elabena menya nya si tututu wòagblɔ o.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 eye wògblɔ nɛ bena: Xɔ̃nye, aleke wɔ nèva afisia, eye medo srɔ̃ɖewu o mahã? Eye eƒe nu tsi te.

Gade chapit la Kopi




Mateo 22:12
13 Referans Kwoze  

Eya ta nɔvinyewo, mikpɔ nyuie be miaganɔ nya me tsom le ame aɖe ƒe dɔwɔwɔ ŋuti, hafi Aƒetɔ la nava, be ewɔe nyuie alo mewɔe nyuie o. Ne Aƒetɔa ŋutɔ va la, eƒe kekeli gã la aklẽ ɖe ame sia ame dzi gãa, ale be nu si mía dometɔ ɖe sia ɖe nye tututu le eƒe dzi me la adze nyuie. Ale ame sia ame anya taɖodzinu si tututu nɔ mía si hafi míenɔa kutri kum ɖe Aƒetɔ ƒe dɔa ŋu. Eye Mawu ŋutɔ ana kafukafu si dze la ame sia ame le ɣe ma ɣi me.


“Agbletɔa gblɔ na wo be, ‘Nɔviwo, nyemedze agɔ le mia dzi o; ɖe menye miawo ŋutɔe lɔ̃ be ame sia ame axɔ sidi wuieve si nye ŋkeke ɖeka ƒe fetu oa?


Ale mɔkpɔkpɔ ɖoa hiãtɔ si eye nu madzɔmadzɔ miaa eƒe nu.


Adzɔ eƒe ame kɔkɔewo ƒe afɔ ŋu, ke ɖoɖoe azi le ame vɔ̃ɖiwo nu le viviti me. “Menye kalẽ me ame tona ɖua dzi o;


elabena ame ma tɔgbi medaa asi ɖe nu nyui dzi o. Ele nu vɔ̃ wɔm, eye eya ŋutɔ nya nenema.


Ke Yesu gblɔ nɛ be, “Nɔvi, yi wò dɔ si ta nèva ɖo la dzi.” Kasia amewo dze Yesu dzi, eye wolée.


“Abe ale si ŋu kpea fiafitɔ ne asi su edzi ene la, nenema ke ŋu akpe Israel ƒe aƒe la, woƒe fiawo, woƒe dumegãwo, woƒe nunɔlawo kple woƒe nyagblɔɖilawo.


“Nu ka ta nàgblɔ be, ‘Nyemeɖu kɔ o, nyemeƒu du dze Baalwo yome o?’ Kpɔ ale si nèwɔ le balime la ɖa. Bu nu si nèwɔ la ŋu kpɔ. Èle abe kposɔnɔ si ɖia du eye wòle du sim tso afi yi afi mɛ la ene.


Ame dzɔdzɔe kpɔe, eye wòkpɔ dzidzɔ, gake ame vɔ̃ɖiwo katã mia woƒe nu.


Azɔ la, míenya be nya sia nya si se la gblɔ la, egblɔe na ame siwo le se la te, be amewo nazi ɖoɖoe, eye Mawu nadrɔ̃ ʋɔnu xexea me katã.


Mele nu xlɔ̃m mi be, ne miaƒe dzɔdzɔnyenye meƒo Farisitɔwo kple Yudatɔwo ƒe sefialawo tɔ ta sãa o la, miawo hã miate ŋu age ɖe dziƒofiaɖuƒe la me gbeɖe o!”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite