Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 21:45 - Agbenya La

45 Yudatɔwo ƒe nunɔlagãwo kple Farisitɔwo kpɔe dze sii be yewoe nye agbledzikpɔla vɔ̃ɖi siwo ŋu Yesu ƒo nu le le lododo la me, eye yewo ŋuti wòle nya la gblɔm ɖo.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

45 Ke esi nunɔlagãwo kple farisitɔwo se eƒe lododoawo la, wodze sii bena, yewo ŋuti wòdo wo ɖo.

Gade chapit la Kopi




Mateo 21:45
6 Referans Kwoze  

Esi nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo se ŋutinya si Yesu gblɔ la, wodi be yewoalée enumake elabena wonya be yewo ŋutie wòdo loa ɖo, gake wovɔ̃ ameha la.


Sefialawo dometɔ ɖeka si hã nɔ ameawo dome la yɔe, eye wògblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, le nya si nègblɔ fifi laa me la, èdo vlo miawo hã.”


Ke ɖe amegbetɔ ƒe agbe mele vevie wu alẽ tɔ oa? Eya ta ele se nu vavã be woawɔ dɔ nyui le Dzudzɔgbe ŋkekea dzi.”


Egblɔ nya geɖewo na wo to lododo me be, “Agbledela aɖe yi nuku wu ge.


Nyateƒe, nya sia ɖe wòle abe kpe ene; ame si akli kpe sia la, aŋe kluikluiklui, eye ame si dzi kpe sia age adze la, agbã gudugudu.”


Esia ta wodi vevie be yewoawui, gake wonɔ vɔvɔ̃m be ne yewolée la, ameha la atɔ zi, elabena wonya be ameha la xɔe se be Yesu nye Nyagblɔɖila.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite