Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 21:4 - Agbenya La

4 Wowɔ esia be woawu nyagblɔɖi si wogblɔ da ɖi le blema ke la nu be,

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Ke nusia va me, bena woawu nya, si wogblɔ ɖi to nyagblɔɖila dzi la nu bena:

Gade chapit la Kopi




Mateo 21:4
9 Referans Kwoze  

Dzi nadzɔ wò, O Zion vinyɔnu! Do ɣli, wò Yerusalem vinyɔnu, kpɔ ɖa, wò fia gbɔna gbɔwò. Enye dzɔdzɔetɔ, eye wòhe ɖeɖe vɛ, ebɔbɔ eɖokui, eye wòle tedzi dom, si nye tedzivi si nye tedzinɔ ƒe vi.


“Mègavɔ̃ o, Zion nyɔnuvi. Kpɔ ɖa, wò fia do tedzivi gbɔna!”


Esiawo katã va eme be, woawu Aƒetɔ ƒe nya si wògblɔ ɖi to Nyagblɔɖila dzi la nu be,


Nyateƒe, nu siawo katã le dzɔdzɔm tututu abe ale si nyagblɔɖilawo ŋlɔe da ɖi le mawunya la me ene.” Ke eƒe nusrɔ̃lawo katã si dzo.


Ne ame aɖe bia gbe mi la, migblɔ nɛ ko be, ‘Aƒetɔ lae le wo hiãm, eye ne miegblɔ esia la, womagabia nya aɖeke mi o.’ ”


Ale wokplɔ tedzivi la vɛ na Yesu eye nusrɔ̃lawo ɖe woƒe awuwo ɖo ɖe edzi be wòadoe.


Ale wokplɔ tedzivi la vɛ na Yesu, eye woɖo woƒe avɔwo ɖe edzi eye wokɔ Yesu ɖo edzi.


Esi ŋu ke la, ameha gã si va azã la ɖuƒe la se be Yesu le mɔ dzi gbɔna Yerusalem. Ame geɖe siwo va Ŋutitotoŋkekenyui la ɖuƒe la hã see ale woyi be yewoaɖakpee.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite