Mitɔ asi nyagblɔɖila si yome mia tɔgbuiwo meti hewɔ fui o la dzi nam. Wowu nyagblɔɖila siwo gblɔ Dzɔdzɔetɔ la ƒe vava ɖi eye miawo hã miede ame sia asi, eye miewui.
ekema minyae kɔtɛe, mi kple Israeltɔwo katã, be le Yesu Kristo Nazaretitɔ, ame si miawo mieklã ɖe ati ŋuti, ame si Mawu fɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la ƒe ŋkɔ mee ame si le tsitre ɖe mia ŋkume la kpɔ dɔyɔyɔ le.
“Gake kpao! Esi agbledzikpɔla siawo kpɔ ŋutsuvia wògbɔna la, wogblɔ na wo nɔewo be, ‘Ɛhɛ̃, ame siae le fofoa ƒe dome nyi ge, ale be teƒe sia katã gbɔna etɔ zu ge. Mía tɔwo, mina míawui be agble sia nazu mía tɔ!’ ”