Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 21:33 - Agbenya La

33 “Miɖo to miase lododo sia ɖa. Agbledela aɖe de waingble gã aɖe, eye wòtɔ kpɔ ƒo xlãe. Etu nɔƒe tɔxɛ na agble la ŋu dzɔla, eye wòtu wainfiaƒe hã. Azɔ etsɔ agblea de asi na agbledelawo be woawɔ dɔ le eme, ale be yeama viɖe si ado tso eme la kpli wo. Le esia wɔwɔ vɔ megbe la, agbletɔ la ŋutɔ dzo yi du bubu aɖe me.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

33 Mise lo bubu: Aƒetɔa ɖe de weingble, eye wòtɔ kpɔ ɖe eŋu godoo, eye wòwɔ weinfiãnu ɖe eme, eye wòtu mɔ̃ ɖe eme, eye wòtsɔe ɖe asi na weingbledelawo, eye wòyi nugbe.

Gade chapit la Kopi




Mateo 21:33
23 Referans Kwoze  

Medo wò abe wainti nyuitɔ si tso wainka vavã siwo tsena nyuie la dometɔ ɖeka ene. Ke nu ka ta nèwɔ ɖe ŋutinye alea hezu abe wainka si mie le eɖokui si la ene?


“Nyee nye Wainti vavã la, eye Fofonyee nye Agbletɔ la.


“Bubume aɖe si nɔ nuto aɖe me le anyigba aɖe dzi la xɔ du be wòava anyigba la ƒe du gãtɔ me, ale be woatsɔe aɖo fiae ɖe eƒe nutometɔwo nu.


O Israelviwo, mise Yehowa ƒe nyawo. Yehowa saba mi, eye nya siwo wòtsɔ ɖe mia ŋuti la woe nye esiawo: Nuteƒewɔwɔ, lɔlɔ̃ kple sidzedze Mawu megale anyigba blibo la dzi o.


“Nye vava zi evelia anɔ abe ame aɖe si yi nugbe le anyigba didi aɖe dzi ene. Hafi wòadzo le aƒe ayi la, ede dɔ asi na eƒe dɔwɔla ɖe sia ɖe eye wògblɔ na eƒe agbonudzɔla be wòanɔ ŋudzɔ na yeƒe tɔtrɔ gbɔ.”


“Sefialawo kple Farisitɔwo nɔ Mose ƒe zi dzi,


Azɔ Yesu yi edzi gblɔ be, “Aleke miekpɔ tso nya si gbɔna la ŋuti? Ŋutsu aɖe si si viŋutsu eve nɔ la gblɔ na tsitsitɔ be, ‘Vinye, yi nàwɔ dɔ le agble me nam egbe.’


“Lo si medo tso nukuwula ŋuti la ƒe gɔmeɖeɖee nye esi!


Gblɔ be, ‘Mise Yehowa ƒe nya. O mi Yuda fiawo kple Yerusalem nɔlawo, ale Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Miɖo to afii! Mele gbegblẽ he ge ava teƒe sia eye ame sia ame si ase nya sia la ƒe towo me aɖi yeeŋ.


Mise Yehowa ƒe nya, mi Sodom dziɖulawo, milé fɔ ɖe míaƒe Mawu la ƒe se la ŋu, mi Gomoratɔwo!


Mikaya yi edzi be, “Ɖo to nàse nya si Yehowa gblɔ la ƒe dziyiyi. Mekpɔ Yehowa wònɔ eƒe fiazikpui dzi eye dziƒoʋakɔwo tsi tsitre ƒo xlãe le eƒe ɖusi kple mia dzi.


Ɖo ʋɔnudrɔ̃lawo kple dzikpɔlawo ɖe du siwo katã Yehowa miaƒe Mawu le mia nam la me. Woadrɔ̃ ʋɔnu le dukɔ la ƒe akpa ɖe sia ɖe me.


Lo bubu aɖe si Yesu do le dziƒofiaɖuƒe la ŋu lae nye esi: “Agbletɔ aɖe do go gbe ɖeka ŋdi aɖe be yeadi apaɖilawo woawɔ dɔ le yeƒe waingble me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite