Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 21:29 - Agbenya La

29 “Ɖevi la ɖo eŋu be, ‘Nyemayi o.’ Ke emegbe la, etrɔ eƒe susu, eye wòyi agble la me ɖawɔ dɔ la.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

29 Ke eɖo eŋu gblɔ bena: Megbe! Ke emegbe la evee, eye wòyi.

Gade chapit la Kopi




Mateo 21:29
19 Referans Kwoze  

Tsã la, mia dometɔ aɖewo ƒe agbenɔnɔ sɔ pɛpɛpɛ kple ame baɖa siawo tɔ. Ke fifia la, woklɔ miaƒe nu vɔ̃wo katã ɖa le mia ŋu eye le nu si Aƒetɔ Yesu Kristo kple Mawu ƒe Gbɔgbɔ la wɔ na mi ta la, Mawu xɔ mi miezu eƒe ame tɔxɛwo.


Gbã la, megblɔ nyanyui la na ame siwo le Damasko, eye tso afi ma la, meva Yerusalem kple Yudea nutowo me. Emegbe la, meyi ame siwo menye Yudatɔwo o dome, eye megblɔ na wo be woadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ, atrɔ ɖe Mawu ŋu, eye woana woƒe nu nyui wɔwɔ nafia be wotrɔ dzi me vavã.


“Le ɖevi eve siawo dome ɖe, ame kae wɔ fofoa ƒe gbe dzi?” Wogblɔ bena, “Gbãtɔ lae.” Azɔ Yesu ɖe lododo la gɔme na wo be, “Le nyateƒe me la, ame vɔ̃ɖiwo kple gbolowo kura age ɖe mawufiaɖuƒe la me hafi miawo miava yi,


“Yi ɖe Ninive, du gã ma me, eye nàɖe gbeƒã nya siwo megblɔ na wò la na wo.”


“Míaɖo to nya si nègblɔ na mí le Yehowa ŋkɔ me la o!


Ke Hobab gblɔ nɛ be, “Ao, ele be matrɔ ayi mía de aɖanɔ nye amewo dome.”


Azɔ Yesu yi edzi gblɔ be, “Aleke miekpɔ tso nya si gbɔna la ŋuti? Ŋutsu aɖe si si viŋutsu eve nɔ la gblɔ na tsitsitɔ be, ‘Vinye, yi nàwɔ dɔ le agble me nam egbe.’


“Fofoa va ɖevitɔ hã gbɔ eye wògblɔ nɛ be wòawɔ nenema. Ɖevi la ɖo eŋu nɛ be, ‘Papa mayi.’ Ke egbe meyi o.


Mose gblɔ nu siwo Yehowa ɖo na wo be woawɔ kple nya siwo woagblɔ la na Aron. Eƒo nu tso nukunu siwo woawɔ le Farao ŋkume la hã ŋu nɛ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite