Mateo 21:28 - Agbenya La28 Azɔ Yesu yi edzi gblɔ be, “Aleke miekpɔ tso nya si gbɔna la ŋuti? Ŋutsu aɖe si si viŋutsu eve nɔ la gblɔ na tsitsitɔ be, ‘Vinye, yi nàwɔ dɔ le agble me nam egbe.’ Gade chapit laBiblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 191328 Ke nuka miesusuna? Vi eve le amea ɖe si, eye wòva gbãtɔ gbɔ gblɔ bena: Vinye, heyi nawɔ da le weinbɔ la me egbe. Gade chapit la |
“Miɖo to miase lododo sia ɖa. Agbledela aɖe de waingble gã aɖe, eye wòtɔ kpɔ ƒo xlãe. Etu nɔƒe tɔxɛ na agble la ŋu dzɔla, eye wòtu wainfiaƒe hã. Azɔ etsɔ agblea de asi na agbledelawo be woawɔ dɔ le eme, ale be yeama viɖe si ado tso eme la kpli wo. Le esia wɔwɔ vɔ megbe la, agbletɔ la ŋutɔ dzo yi du bubu aɖe me.