Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 21:26 - Agbenya La

26 Ke ne míegblɔ be, ‘Etso amewo gbɔ’ la, míele vɔvɔ̃m na nu si ameawo awɔ, elabena wo katã woxɔe se be Yohanes nye Nyagblɔɖila.”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

26 Ne miegblɔ bena, dziƒo wòtso la, agblɔ na mí bena: Ekema nukaŋuti miexɔ edzi se o? Ke ne miegblɔ bena, amewo gbɔ wòtso la, ekema mievɔ̃ ameha la; elabena wo katã wobu Yohanes abe nyagblɔɖila ene.

Gade chapit la Kopi




Mateo 21:26
17 Referans Kwoze  

elabena Herod tsɔ bubu geɖe na Yohanes le eƒe ame ɖɔʋu kple ame kɔkɔenyenye ta, eya ta etsɔe de eya ŋutɔ ƒe dzikpɔkpɔ te. Nenye be Herod kple Yohanes wole dze ɖom la, nya siwo Yohanes gblɔna la ɖea fu na Herod ƒe susu ŋutɔ, gake zi geɖe la, edina kokoko be yeaɖo dze kplii.


Yohanes zu kekeli si klẽ na mi ɣeyiɣi aɖe, eye miekpɔ dzidzɔ le eƒe kekeli la ŋuti.


Esia ta wodi vevie be yewoawui, gake wonɔ vɔvɔ̃m be ne yewolée la, ameha la atɔ zi, elabena wonya be ameha la xɔe se be Yesu nye Nyagblɔɖila.


Herod di be yeawu Yohanes, gake enɔ vɔvɔ̃m be ʋunyaʋunya ava dzɔ, elabena amewo katã xɔe se be Yohanes nye nyagblɔɖila.


Ekema nu ka miedo go ɖakpɔ? Nyagblɔɖila aɖea? Ɛ̃, gake mele egblɔm na mi be ewu nyagblɔɖila gɔ̃ hã,


Enumake asrafowo ƒe amegã kplɔ etevi aɖewo ɖe asi, eye woyi ɖalé apostoloawo. Asrafoawo kpɔ egbɔ be yewomelé wo sesẽtɔe o, elabena wonɔ vɔvɔ̃m be ne yewowɔ esia la, ɖewohĩ ameha gã si le afi ma la aƒu kpe yewo.


Edzilawo gblɔ nya sia, elabena wonɔ vɔvɔ̃m na Yudatɔwo, elabena Yudatɔwo ɖoe be ame si agblɔ be Yesue nye Kristo la la, woanyae le gbedoxɔ la me.


Le ɣeyiɣi sia me la, Yudatɔwo ƒe nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo nɔ ŋugble dem vevie le mɔ si dzi woato awu Yesu, ale be ʋunyaʋunya madzɔ le dukɔa me o la ŋuti, elabena wonɔ vɔvɔ̃m na dukɔa me viwo.


Esi nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo se ŋutinya si Yesu gblɔ la, wodi be yewoalée enumake elabena wonya be yewo ŋutie wòdo loa ɖo, gake wovɔ̃ ameha la.


Ne míegblɔ hã be, ‘Amewo gbɔ wòtso la,’ ekema ameha la katã awɔ funyafunya mí, elabena woxɔe se vevie be Yohanes nye nyagblɔɖila.”


Yudatɔwo ƒe kplɔlawo nɔ didim vevie be yewoalée le afi ma kokoko, elabena wonya be yewo ŋue wòdo lo sia ɖo. Ke womete ŋui enumake o, elabena wovɔ̃ na ameha la. Ale wodzo le egbɔ.


Gake ne míegblɔ be, ‘Amewo gbɔ wòtso la’ …” (Wovɔ̃ be ʋunyaʋunya adzɔ, elabena amewo katã xɔe se be Yohanes nye nyagblɔɖila.)


“Ame kae dzi ŋɔ na mi nenema, eye ame kae mievɔ̃ na nenema gbegbe be mieto nyateƒe nam o, eye mieɖo ŋku dzinye alo bu nu sia ŋuti le miaƒe dzi me o? Ɖe menye esi mezi kpi eteƒe didi tae mievɔ̃na nam oa?


Ame siwo nɔ Yesu ŋu la ɖo eŋu be, “Eyae nye Yesu, Nyagblɔɖila si tso Nazaret le Galilea.”


Yohanes ƒe mawutsidetaname ɖe, afi ka wòtso? Dziƒo wòtso loo alo amewo gbɔ wòtsoa?” Wodzro nya sia me le wo ɖokuiwo dome, eye wogblɔ be, “Ne míegblɔ be, ‘Etso dziƒo’ la, abia mí be, ‘Ekema nu ka ŋuti miexɔ edzi se o ɖo?’


Ale woɖo nya la ŋu na Yesu be, “Míenya o.” Tete Yesu hã gblɔ na wo be, “Nye hã nyemagblɔ afi si mexɔ mɔɖeɖe tsoe hafi le nu siawo wɔm la na mi o.”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite