Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 21:23 - Agbenya La

23 Yesu yi gbedoxɔ la me, eye esi wònɔ nu fiam la, nunɔlagãwo kple Yudatɔwo ƒe dumegãwo va egbɔ hebiae be, “Ŋusẽ kae nèkpɔ hafi le nu siawo wɔm, eye ame kae na ŋusẽ sia wò?”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 Ke esi wòva mawuƒe me, eye wòle nu fiãm amewo la, nunɔlagãwo kple dumegãwo va egbɔ gblɔ bena: Ŋusẽ ka nètsɔ wɔ esiawoe, eye amekae tsɔ nenem ŋusẽ sia na wò mahã?

Gade chapit la Kopi




Mateo 21:23
12 Referans Kwoze  

Wokplɔ Petro kple Yohanes va woƒe ŋkumee. Takpekpea me nɔlawo bia Petro kple Yohanes be, “Ame ka ƒe mɔɖeɖe alo ŋkɔ mee miewɔ nu sia?”


Le esia megbe la, efia nu le gbedoxɔ la me gbe sia gbe, gake nunɔlagãwo, sefialawo kple ame ŋkuta siwo le dua me la nɔ mɔnu dim be yewoaɖe eƒe agbe ɖa.


Azɔ Yesu trɔ ɖe amehawo gbɔ ƒo nu na wo be, “Nu vɔ̃ wɔla kple hlɔ̃dola menye hafi mietsɔ yiwo kple kpowo ɖe asi va be yewoaléma? Menɔ mia dome, gblɔ nya le miaƒe gbedoxɔ me gbe sia gbe, ke miete ŋu wɔ naneke o.


Ŋutsu sia biae be, “Ame kae ɖo wò fia kple ʋɔnudrɔ̃la ɖe mía nu? Ɖe nèle didim be yeawu nye hã abe ale si nèwu Egiptetɔ ma etsɔ enea?” Vɔvɔ̃ ɖo Mose, elabena ebu xaa be, “Ɖewohĩ nu si mewɔ la le nyanya me na amewo.”


“Ke ame siawo dometɔ si ƒe nya medzɔ o la gblɔ na Mose be wòakpɔ eya ŋutɔ ƒe nya gbɔ eye megade nu yewo tɔ me o. Ebia Mose be, ‘Ame kae ɖo wò fia kple ʋɔnudrɔ̃la ɖe mía dzi?’ Eyi edzi bia Mose be,


Yesu ɖo eŋu na wo be, “Nye hã mabia nya ɖeka mi. Ne mieɖo eŋuti nam la, ekema nye hã magblɔ afi si mekpɔ ŋusẽ tsoe hafi le nu siawo wɔm la na mi.


Yesu do go le gbedoxɔ la me hezɔ dzo yina, ke eƒe nusrɔ̃lawo te ɖe eŋu heɖo ŋku nu dzi nɛ tso xɔ bubu siwo le gbedoxɔ me la ŋuti.


Esi Yesu nɔ nu fiam amewo, eye wònɔ nyanyui la gblɔm na wo le gbedoxɔ la me le ŋkeke mawo dometɔ ɖeka dzi la, nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo kple dumegãwo va ƒo xlãe heɖe ɖeklemi kplii.


Ekplɔ woawo hã yi eƒe agble la me, eye wòdo ŋugbe na wo be yeaxe ga home si dze la na wo ne ŋkeke la wu nu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite