Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 21:19 - Agbenya La

19 Ekpɔ gboti aɖe le mɔa to, ale wòzɔ ɖe edzi be yeakpɔ kutsetse aɖe le edzi agbe aɖu mahã? Ke esi wòva ɖo atia te la, aŋgbawo ko wòkpɔ le edzi. Yesu gblɔ na gboti la be, “Tso egbe sia yina la, màgatse ku gbeɖe o!” Enumake gboti la yrɔ ɖe tsitrenu.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 Eye esi wòkpɔ gbotia ɖe le ma to la, ete ɖe eŋuti, ke mekpɔ naneke le edzi o, negbe aŋgbawo ko, eye wògblɔ nɛ bena: Tso esia dzi yina la megale tsetse ge halase tegbetegbe o. Eye enumake gboti la yrɔ sũ.

Gade chapit la Kopi




Mateo 21:19
17 Referans Kwoze  

Wogblɔna be yewonya Mawu, gake wogbea nu le egbɔ to woƒe nuwɔnawo me. Wonye ŋunyɔnuwo kple tomaɖolawo, eye womedze na nu nyui aɖeke wɔwɔ o.


Ame si aɖe ɖe aga tso gbɔnye la, woatsɔe aƒu gbe abe alɔdze matseku ene, eye woatɔ dzoe.


Woɖo ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe fiá atiwo ƒe kewo dzi. Ɛ̃, le nyateƒe me la, ati sia ati si metse ku nyui o la, woalãe ƒu anyi, eye woatsɔe ade dzo me.”


Elãa alɔdze siwo le ŋunye eye wometsea ku o la ɖa, ke esiwo tsea ku la, eɖea wo ŋu be woagatse ku geɖe fũu wu.


Yesu ƒo fi de ati la be, “Ame aɖeke magaɖu wò kutsetse aɖeke kpɔ gbeɖe o.” Nusrɔ̃lawo hã se nya si wògblɔ la.


Vɔ̃wɔla nenɔ vɔ̃wɔwɔ dzi, ame vɔ̃ɖi nenɔ nu vɔ̃ɖi wɔwɔ dzi, nyuiwɔla hã nenɔ nyuiwɔwɔ dzi, eye ame si le kɔkɔe la, nenɔ kɔkɔenyenye dzi.”


Ame siawo nye ɖiƒonuwo le hamea ƒe lɔlɔ̃nuɖuƒewo. Woɖua nu kpli mi ŋumakpetɔe, wonye alẽkplɔla siwo nyia woawo ŋutɔ ɖokuiwo ko. Wole abe lilikpo siwo medzaa tsi o, eye ya lɔa wo ɖe enu ene. Wole abe kelemeti siwo metse ku o, eye woho wo da ɖi eye woku zi eve la ene.


ame siwo si gotagome ƒe mawuvɔvɔ̃ le, evɔ wogbe nu le ŋusẽ si ana be woanɔ agbe le Mawu me la gbɔ. Te ɖokuiwò ɖa xaa tso ame siawo gbɔ.


Edzobo eme heɖe kpewo le eme, eye wòdo wainka nyuitɔwo ɖe eme. Etu gbetakpɔxɔ ɖe agble la titina, eye wòtu wainfiaƒe hã ɖe afi ma. Ele mɔ kpɔm na waintsetse nyuiwo, gake wotse wain vevewo.


Yehowa be, “Maxɔ nuku siwo woxa la le wo si. Wainkawo agbe tsetse, gbo matse ɖe gbotiwo dzi o eye woƒe aŋgbawo ayrɔ. Nu si matsɔ na wo la woaxɔ wo le wo si.”


Nu sia wɔ nuku na nusrɔ̃lawo ŋutɔ, ale wobiae be, “Nu kae na be gboti la yrɔ enumake?”


Esi ŋu ke ŋdi la, wova to gboti si Yesu ƒo fi de la ŋuti, eye wokpɔ be, ati la yrɔ sũu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite