Elabena menye nunɔlagã si mate ŋu ase veve kpli mí le míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo me lae le mía si o, ke boŋ nunɔlagã si le mía si la, wotee kpɔ le mɔ sia mɔ nu abe míawo ke ene, ɖekoe nu vɔ̃ mele eya ŋu o.
Gbe ɖeka la, Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo zɔ to bligble aɖewo me yina afi aɖe. Gbe ma gbe nye Dzudzɔgbe ŋkeke. Dɔ nɔ nusrɔ̃lawo wum ɣe ma ɣi, eya ta woŋe bli aɖewo, eye woklẽ wo heɖu.